Psalmowo 92 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu le ame takpɔkpɔ. 1 Dzudzɔgbehadzidzi la. 2 Enyo be, woade akpe na Yehowa, eye woadzi kafukafuha na wò ŋkɔ, wò dziƒoʋitɔ la, 3 woade gbe ƒã wò amenuveve le ŋdi kple wò nuteƒewɔwɔ le zãwo me, 4 de kasaŋku ka ewo tɔ, saŋku kple gakasaŋku ƒe ɖiɖi ŋu. 5 Elabena wò, Yehowa, ètsɔ wò dɔwɔwɔwo do dzidzɔ nam, wò asinudɔwo ta mele aseye tsom ɖo. 6 Yehowa, wò nuwɔwɔwo lolo loo, wò susuwo me goglo ŋutɔ. 7 Gegeme menya esia o, eye bometsila medze sii o. 8 Ne ame vɔ̃ɖiwo mie abe gbe ene, eye nu vlo wɔlawo katã le se ƒom hã la, tsɔtsrɔ̃ ge ko woala ɖikaa. 9 Ke wò la èɖo kpo tegbee, Yehowa. 10 Elabena kpɔ da, wò futɔwo, kpɔ ɖa, wò futɔwo atsrɔ̃, eye nu vlo wɔlawo katã aka ahlẽ! 11 Ke ãkɔ nyea nye dzo ɖe dzi abe akpãgba tɔ ene, eye woakɔ ami yeye ɖe dzinye. 12 Nye ŋku atsa le nye ketɔwo dzi bɔkɔɔ, eye nye to ase nya le ame vlo, siwo tso ɖe ŋunye la ŋu. 13 Ame dzɔdzɔe la atu hlo abe deti ene, eye wòade dzi abe sederti le Libanon dzi ene. 14 Wodo wo ɖe Yehowa ƒe aƒe la me, eye woƒo se ɖe mía Mawu ƒe xɔxɔnuwo. 15 Woatse ku le tsitsime ke hã, tsi anɔ wo me gugugu, eye woade ama 16 ahaɖe gbe ƒãe be, Yehowa enye dzɔdzɔetɔ kple nye aga, si ŋu fɔɖiɖia ɖeke mele o. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana