Psalmowo 91 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Le dziƒoʋitɔ la ƒe vɔvɔli te. 1 Amesi bɔbɔ nɔ dziƒoʋitɔ la ƒe bebeƒe, eye wòle ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te la, 2 eya gblɔna na Yehowa be: Nye sitsoƒe kple nye mɔ̃ sesẽ nenye, nye Mawu, si ŋu meɖoa ŋu ɖo. 3 Elabena aɖe wò tso xevimɔ̃trela ƒe adoboli me, tso dɔvɔ̃, si gblẽa nu me. 4 Atso eƒe fu atsyɔ dziwò eye eƒe aʋala fe nabe ɖo; akpoxɔnu gã kple ɖagbitɔ enye eƒe nyateƒe la. 5 Mava zã me ŋɔdzi kple aŋutrɔ, si le ʋɔ lũm le ŋkeke me, 6 ɖɔvɔ̃, si le zɔzɔm le blukɔ me, kple dɔ xɔleameŋua, si le nu gblẽm le ŋdɔ la o. 7 Akpe nenɔ anyi dzem ɖe axawò, eye akpe ewo ɖe wò nuɖusi me, ke wò la, mate ɖe ŋuwò o! 8 Vava, àkpɔe kple wò ŋkuwo, eye àkpɔ alesi woaɖo eteƒe na ame vɔ̃diwoe. 9 Elabena Yehowa enye wò si tsoƒe, eye dziƒoʋitɔ la nètsɔ wɔ nɔwòƒee. 10 Dzɔgbevɔ̃e maƒo go wò o, eye hiãkame mate ɖe wò agbaɖɔ ŋu o. 11 Elabena adɔ eƒe dɔlawo ɖe ŋuwò, ne woakpɔ tawò le wò mawo katã dzi. 12 Asi me woakɔ wò ɖo, ne màgatsɔ wò afa axlã ɖe kpea ɖeke o. 13 Azɔ dzata kple ƒli dzi, eye enya avuzi le dzatavi kple ʋɔ driba dzi. 14 Maɖee, elabena eku ɖe ŋunye; makɔe aɖo kɔkɔƒe, elabena enya nye ŋkɔ. 15 Ayɔm, eye matɔ nɛ, meli kplii le hiã me; maɖee le eme, eye mahaɖe bubu eŋu. 16 Matsɔ agbe didi aɖi ƒo nɛ, eye mana wòakpɔ nye xɔname. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana