Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 90 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


AGBALẼ ENELIA. Mawu mavɔtɔ la enye amegbetɔwo ƒe sitsoƒe.

1 Mose, Mawu ƒe ame, ƒe gbedodoɖa. Aƒetɔ, sitsoƒe nènye na mí tso dzidzime yi dzidzime.

2 Hafi towo nava do, eye anyigba kple xexeme nadzɔ la, wòe nye Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me.

3 Wòe nana amegbetɔwo gatrɔna zua kewɔ, eye nègblɔna bena: Mitrɔ gbɔ, mi amegbetɔviwo!

4 Elabena ƒe akpe le ŋkuwò me ahe etsɔ ŋkeke, si nu va yi, kple ŋudzɔɣi le zã me ene.

5 Ekplɔ wo yii, alɔ̃dɔdɔ ko wonye; ŋdi la wodze abe gbe ene.

6 Ŋdi la eƒo se, eye wòdze, fiẽ la woyae, eye wòƒu.

7 Elabena wò dɔmedzoe na mía nu yi, eye wò dziku ɖe mi ɖa kple ŋɔdzi.

8 Etsɔ míaƒe vodadawo ɖo wò ŋku me, kple míaƒe nu ɣaɣlawo ɖo wò mo ƒe kekeli nu.

9 Elabena miaƒe ŋkekewo katã nu yi le wò dziku la nu, míaƒe ƒewo vɔ ɖe mi abe ame ƒe ŋeŋe ene.

10 Míaƒe agbenɔƒewo nye ƒe blaadre, ne ede ƒã la, ƒe blanyi, eye fuɖename kple hlã nye wo aɖegbeƒonu; elabena wova yi kabakaba, eye míedze.

11 Amekae dze si wò dɔmedzoe ƒe ŋusẽ kple wò dziku de alesi woavɔ̃ wò nui?

12 Fia alesi míaxlẽ míaƒe ŋkekewoe la mí, ne dzi nyanu nado mía si!

13 Yehowa, trɔ kɔ dzro! Vaseɖe ɣekaɣie? Eye na wò dɔme natrɔ de wò dɔlawo ŋu!

14 Tsɔ wò amenuveve ɖi ƒo na mí le ŋdi, ekema míatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ le míaƒe ŋkekewo katã me!

15 Do dzidzɔ na mí ɖe ɣeyiɣi, si nète mí ɖe anyi, kple ƒe, siwo me dzɔgbevɔ̃e ɖi kpe mí la nu!

16 Na wo dɔwɔwɔ nadze na wò dɔlawo, eye wò atsyɔ̃ nanɔ viwòwo ŋu!

17 Ale Aƒetɔ, mía Mawu, ƒe ɖɔmenyo nanɔ mía dzi, eye wòana míaƒe asinudɔwo nali ke zã na mi, ẽ, míaƒe asinudɔwo wòana woayi dzi nyuie!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan