Psalmowo 9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dawid dzi akpedaha na Mawu le ɖeɖe tso futɔwo si me ŋuti, eye woɖe kuku nɛ bena, wòagakpe ɖe ye ŋu. 1 Dawid ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „Ŋutsuvi la ƒe ku“ ƒe gbeɖiɖi nu. 2 Makafu Yehowa tso dzi blibo me, eye maxlẽ wò nukunuwɔwɔwo katã afia. 3 Makpa dzidzɔ, dzi adzɔm de ŋuwò, eye manya wo ŋkɔ, wò dziƒoʋitɔ, 4 le esi nye tutɔwote gbugbɔ ɖe megbee, wodze anyi, eye wotsrɔ̃ le ŋkuwò me ta. 5 Elabena woe tso nye nya kple nye kodzoɖoɖo la wode go; ebɔbɔ nɔ fiazi dzi, wò ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe. 6 Ehe nya de dukɔwo ŋu, ètsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo, eye nètutu woƒe ŋkɔ da ɖikaɖika. 7 Wotsrɔ̃ futɔwo, wogbã woƒe duwo wozu aƒedo ɖikaa, eye ŋkuɖoɖo wo dzi megali o. 8 Ke Yehowa li tegbee, eye wodo eƒe fiazikpui anyi gli de ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu. 9 Adrɔ̃ ʋɔnu xexeame godoo ɖe eteƒe, eye wòatso afia dzɔdzɔe na anyigba dzi dukɔwo. 10 Yehowa enye mɔ̃ sesẽ na hiãtɔwo, enye mɔ̃ sesẽ le xaxaɣiwo me. 11 Amesiwo dze si wò ŋkɔ la, ɖoa ŋu ɖe ŋuwò; elabena wò, Yehowa, megblẽa amesiwo dia yowòme mɔ la ɖi o. 12 Midzi katukafuha na Yehowa, amesi le Zion, miɖe gbe ƒã ele nutsuwɔwɔwo le dukɔwo dome! 13 Elabena ebia hlɔ̃ hlɔ̃dolawo, eɖoa ŋku wo dzi, eye meŋlɔa hiãlɔwo ƒe ɣlidodo be o. 14 Ve nunye, Yehowa! Wò amesi ɖe asi tenye tso ku ƒe agbowo me la, kpa alesi mele fu kpemi le nye adikãtɔwo si me la ɖa: 15 na maxlẽ nya afia le wò ŋkɔxɔxɔwo katã ŋu le Zion-vinyɔnu ƒe duwo me, eye matso aseye le xɔname ŋuti. 16 Dukɔwo ge dze ɖo, si woawo ŋutɔ woɖe la me, eye ɖɔ, si woɖo di la, ɖe woƒe afɔ. 17 Yehowa de eɖokui fia, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu; ame vɔ̃ɖi ƒe asinudɔwɔwɔ ɖe eya ŋutɔ. Miyro saŋkuawo! Sela. 18 Ame vɔ̃ɖiwo kple dukɔ, siwo katã ŋlɔ Mawu be la, negbugbɔ yi tsiẽƒe. 19 Elabena womaŋlɔ ame dahe be ɖikaa o, eye hiãlɔwo ƒe mɔkpɔkpo mabu tegbee o. 20 Tso, Yehowa, megana amegbetɔ ƒe alɔ naɖe dzi o! Na woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo le ŋkuwò me! 21 Yehowa, do ŋɔdzi na wo, ne dukɔwo nadze sii be, amegbetɔwo yewonye! Sela. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana