Psalmowo 89 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Afika amenuveve, si ŋugbe Mawu do na Dawid la le? 1 Ezrax-vi Etan ƒe nufiameha. 2 Madzi ha le Mawu ƒe amenuveve ŋu ɖaa, matsɔ nye nu eɖe gbe ƒã eƒe nuteƒewɔwɔ le dzidzimewo kalã me. 3 Elabena megblɔ be: Woatu amenuveve la ɖe dziƒo tegbee, eye àli ke wò nuteƒewɔwɔ ɖe afima. 4 „Mebia nu kple nye ame tiatia, eye meke atam na nye dɔla Dawid be: 5 Mali ke wò ƒome tegbee, eye maɖo wò fiazikpui anyi na dzidzimewo katã!“ Sela. 6 Yehowa, dziƒowo le wò nukunuwo kple wò nuteƒewɔwɔ kafum le ame kɔkɔewo ƒe takpekpe me. 7 Elabena ameka le dziŋgɔli me de Yehowa nu, eye ameka sɔ kple Yehowa le mawuwo ƒe viwo dome? 8 Ŋɔdzi le Mawu ŋu ŋufɔ le ame kɔkɔewo ƒe adaŋu me, eye vɔvɔ̃ le eŋu na amesiwo katã ƒo xlãe la. 9 Yehowa. Mawu Zebaot, ameka sesẽ abe wò, Yehowa, ene? Eye wò nuteƒewɔwɔ ɖe to ɖe wò. 10 Wòe ɖu fia ɖe atsiaƒu ƒe agbodzedze dzi; ne eƒe tsotsoewo le mimlim la, wòe tsia wo nu. 11 Egbã Raxab gudugudu, abe amesi woda nui ene, eye nèka wò futɔwo hlẽ. 12 Tɔwòe nye dziƒo, tɔwòe nye anyigba hã, xexeame kple eme nuwo, wòe ɖo wo gɔme anyi. 13 Wòe wɔ anyiehe kple dziehe; Tabor kple Xermon le aseye tsom de wò ŋkɔ ŋu. 14 Tɔwòe nye ãlɔ sesẽ, ŋusẽ le wò esi ŋu, eye wò nuɖusi ɖe dzi. 15 Dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ nye wò fiazikpui ƒe anyinɔ; amenuveve kple nyateƒe le tsitre ɖe wò mo. 16 Woayra dukɔ, si nya aseyetsotso! Yehowa, woazɔ le wò ŋku me kekeli me. 17 Woatso aseye le wò ŋkɔ me gbawotsyogbe, eve woado wò ɖe dzi le wò dzɔdzɔenyenye me. 18 Elabena weƒe ŋusẽ ƒe atsyɔ̃ nènye, eye míaƒe dzo kɔ de dzi to wò amenuveve me. 19 Elabena Yehowa tɔe nye míaƒe akpoxɔnu, eye míaƒe fia enye Israel ƒe kɔkɔetɔ la tɔ. 20 Ɣemaɣi nèƒo nu to ŋutega me na wò ame kɔkɔewo gblɔ bena: „Mekpe de kalẽtɔa de ŋu, eye medo ɖekakpuia ɖe ɖe dzi le dukɔ la dome.“ 21 Mekpɔ nye dɔla Dawid, eye mesi nye ami kɔkɔe nɛ. 22 Nye asi anɔ eŋu sesie, eye nye alɔ ado ŋusẽe. 23 Futɔ maxaxae ɖo o, eye eme vlo matee ɖe anyi o. 24 Magbã eƒe adikãtɔwo le eŋgɔ nyanyanya, eye maxlã nu ɖe eƒe ketɔwo. 25 Nye nuteƒewɔwɔ kple amenuveve anɔ anyi kplii, eye eƒe dzo akɔ ɖe dzi to nye ŋkɔ ene. 26 Matsɔ eƒe alɔ aɖo atsiaƒu dzi, eye eƒe nuɖusi aɖo tɔsisiwo dzi. 27 Ayɔm be: Fofonye nènye, nye Mawu kple nye xɔname ƒe aga. 28 Matsɔe aɖo ŋgɔgbevi kple tatɔe ɖe anyigba dzi fiawo nu. 29 Madzra nye amenuveve do nɛ tegbee, eye nye nubabla ali di nɛ. 30 Mana eƒe ƒome nana anyi tegbetegbe kple eƒe fiazikpui abe dziƒo ƒe ŋkekewo ene. 31 Ne viawo gblẽ nye nufiame ɖi, eye womezɔ de nye kɔnuwo nu o, 32 ne wogblẽ kɔ do na nye ɖoɖowo, eye womewɔ nye sewo dzi o la, 33 ekema matsɔ ameƒoti ava kpɔ woƒe dzidada ɖae, kple fuɖename ava kpɔ woƒe vodada ɖae. 34 Ke nyemana nye amenuveve nadzo le egbɔ o, eye nyemada alakpa le nye nuteƒewɔwɔ me o. 35 Nyemagblẽ kɔ do na nye nubabla o, eye nyematrɔ nusi do tso nye nuyiwo me la o. 36 Meta nye kɔkɔenyenye zi ɖeka, nyemada alakpe na Dawid o; 37 Eƒe ƒome anɔ anyi tegbee kple eƒe fiazikpui abe ɣe ene le ŋkunyie me. 38 Ali ke abe ɣleti ene tegbee. Ɖasefo, si le dziŋgɔli me la, enye nyateƒetɔ. Sela. 39 Ke ègbe ame, eye nèdo vlo ame; edo dziku ɖe wò amesiamina ŋu. 40 Eɖi gbɔ wò dɔla ƒe nubabla, ègblẽ kɔ ɖo na eƒe fiakuku hetsɔe ƒu gbe ɖe anyigba. 41 Egbã eƒe gliwo katã, eye nèmu ele mɔ̃ sesẽwo ƒu anyi. 42 Amesiwo katã to mɔ dzi yina la, wohae, eye wòzu alɔmeɖenu na eƒe aƒelikawo. 43 Ena eƒe adikãtɔwo ƒe nuɖusi ɖe dzi, eye nèdo dzidzɔ na eƒe futɔwo katã. 44 Ena eƒe yi nu ƒo asa, eye mèna wònɔ te le ana me o. 45 Etsi eƒe dzadzɛnyenye nu, eye nètsɔ eƒe fiazikpui xlã ɖe anyigba. 46 Eto eƒe ɖekakpui me ŋkekewo ɖe eme eye nètsɔ ŋukpe tsyɔe. Sela. 47 Yehowa, ɣekaɣi naɣla ɖokuiwò ɖikaa ase ɖo, eye wò dɔmedzoe heliheli nano bibim abe dzo ene? 48 Aƒetɔ, ɖo ŋu, alesi nye agbe le kpuie kple alesi nèwɔ amegbetɔviwo katã dzodzroe! 49 Ŋutsu kae le agbe, mekuna o, eye wòɖe eƒe luʋɔ tso tsiẽƒe si me? Sela. 50 Aƒetɔ, afika wò amenu veve tsãtɔ, siwo dzi nèta wò nuteƒewɔwɔ ɖo na Dawid la le? 51 Aƒetɔ, ɖo ŋu wò dɔla ƒe vlodoame, siwo katã metsɔ ɖe akɔnu tso dukɔ geɖewo gbɔ, 52 siwo wò futɔwo tso le alɔme ɖemi, Yehowa, wotsɔ le alɔme ɖemi le wò amesiamina la ƒe afɔtoƒewo ŋui! 53 Woakafu Yehowa tegbee! Nenɔ alea, ẽ, nenɔ alea! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana