Psalmowo 88 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Konyifafa gbedodoɖa le hiã gãa ɖe me. 1 Hadzidzi. Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „Dɔléle“ ƒe gbe nu. Heman tso Ezrax-viwo dome ƒe nufiameha. 2 Yehowa, nye xɔname ƒe Mawu, medo ɣli le ŋkeke me, eye zã me la mele ŋkuwò me. 3 Nye gbedodoɖa neva ŋkuwò me, eye naƒu to anyi de nye kokoƒoƒo ŋu! 4 Elabena fukpekpe ɖi ƒo na nyee luʋɔ, eye nye agbe te ɖe tsiẽƒe ŋu. 5 Wobum ɖe amesiwo yi aʋli me le dome, eye mele abe ŋutsu gbɔdzɔgbɔdzɔ ene. 6 Eɖe asi le ŋunye ɖe eme kukuwo dome, mele abe ame tsiaʋa, siwo le yɔdo me, amesiwo dzi mègaɖo ŋkui o, eye woklã ɖa le wò asi ŋu la ene. 7 Etsɔm ɖe aʋli me ƒe do kple viviti me kpakple atsiaƒu ƒe gogloƒe. 8 Wò dziku le dzinye, eye wò ƒutsotsoewo tem de to. Sela. 9 Ede nye ame nyanyɛwo ɖa le ŋunye, eye nètsɔm ɖo ŋunyɔnui na wo, èdo ʋɔ ɖe nunye, dodo meli nam o. 10 Hiã ti kɔ na nye ŋku; meyɔ wò, Yehowa, gbawotsyogbe ye meke nye abɔ na wò. 11 Ɖe àwɔ nukunu ɖe ame kukuwo ŋua? Alo ɖe ŋɔliwo afɔ akafu wòa? Sela. 12 De woaxlẽ wò amenuveve afia le yɔdo me kple wò nuteƒewɔwɔ le tsiẽƒea? 13 Ɖe woaɖe wò nukunuwo afia le viviti me, eye wò dzɔdzɔenyenye afia le anyigba, si dzi woŋlɔa nu be lena la dzia? 14 Ke nyea medo ɣii na wò, eye ŋdi la nye gbedodoɖa va ŋkuwò me. 15 Yehowa, nukaŋuti nètu asi nye luʋɔ ɖa, eye néɣla wò ŋku me ɖem? 16 Hiãtɔ menye, eye mele kukum tso ɖevime ke: wò ŋɔdzidodowo le kpeyem, eye melulu. 17 Wò dɔmedzoe heliheli va to dzinye, wò ŋɔdzidonamewo tsrɔ̃m. 18 Woɖe to ɖem atraɖi abe tsi ene, wo katã tim ɖe to ɖem. 19 Eɖe xɔlɔ̃wo kple hatiwo ɖa le ŋunye, eye blukɔ zu nye ame nyanyɛ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana