Psalmowo 86 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Gbedodoɖa le hiã me. 1 Dawid ƒe gbedodoɖa. Yehowa, ƒu to anyi, eye naɖo tom, elabena hiã tum, eye mede ahe. 2 Kpɔ nye luʋɔ ta, elabena ame kɔkɔe menye; nye Mawu, xɔ na wò dɔla, si ɖoa dzi ɖe ŋuwò la! 3 Aƒetɔ, ve nunye, elabena wò yɔm mele gbawotsyogbe. 4 Do dzidzɔ na wò dɔla ƒe luʋɔ, elabena Aƒeto, wòe mekɔ nye luʋɔ dzi na! 5 Elabena Aƒetɔ, wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke; amenuveve bɔ ɖe asiwò na amesiwo katã yɔa wò la. 6 Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nalé to ɖe nye kokoƒogbe ŋu! 7 Mayɔ wò le nye xaxagbe, elabena àɖo tom. 8 Amea ɖeke mede nuwo le mawuwo dome o, eye naneke mede wò dɔwɔwɔwo nu o. 9 Aƒetɔ, dukɔ, siwo katã nèwɔ la, ava de ta agu na wò, eye woade bubu wò ŋkɔ ŋu. 10 Elabena èlolo, eye nèwɔa nukunuwo; wò ɖeɖe koe nye Mawu. 11 Yehowa, fia wò mɔm, ne mazɔ le wò nyateƒe la me; tsa nye dzi ɖo nu ɖeka kolia ŋu, ne mava wò ŋkɔ! 12 Makafu wò Aƒetɔ Mawu tso dzi blibo me, eye made bubu wò ŋkɔ ŋu ɖaa. 13 Elabena wò amenuveve sɔ gbɔ ɖe dzinye, eye nèɖe nye luʋɔ tso keke tsiẽƒe ʋi ke. 14 Mawu, dadalawo tso de ŋunye, eye ŋutasẽlawo ƒe ha le nye agbe yome tim, eye womele buwòm ɖa o. 15 Ke wò, Aƒetɔ la, Mawu nublanuikpɔla kple amenuvela nènye, ègbɔa dzi blewu, eye amenuveve kple nyateƒe bɔ ɖe asiwò. 16 Trɔ ɖe ŋunye, eye nave nunye, na wò ŋusẽ wò dɔla, eye naxɔ na wò dɔlanyɔnu vi! 17 Wɔ dzesi le ŋunye hena nyui, ne nye ketɔwo nakpɔe, ŋu nakpe wo, elabena wò Yehowae kpe ɖe ŋunye, eye nèfa akɔ nam. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana