Psalmowo 85 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Amenuveve yeye yome didi kple eŋugbedodo. 1 Korax-viwo ƒe ha na henɔ la. 2 Yehowa, eve wò anyigba nu, eye nègaɖo Yakob te, 3 ètsɔ wò dukɔ la ƒe vodada ke wo, eye nètsyɔ nu woƒe nuvɔ̃wo katã dzi; Sela, 4 èdzudzɔ wò dzikudodowo katã, eye nèɖe asi le wò dziku heliheli la ŋu. 5 Gatrɔ ɖe mía ŋu, mía xɔname Mawu, eye nadzudzɔ wò adãwɔwɔ ɖe mía ŋu! 6 Ɖe ànɔ dɔmedzoe dom ɖe mía ŋu ɖikaa, eye nanɔ wò dziku didim ɖe nu tso dzidzime yi dzidzimea? 7 Ɖe màgagbɔ agbe mí, ne wò dukɔ nakpɔ dzidzɔ de ŋuwò oa? 8 Yehowa, na míakpɔ wò amenuveve, eye na wò xɔname mi! 9 Mase nusi gblɔ ge Mawu Yehowa ala; elabena agblɔŋutifafa na eƒe dukɔ kple eƒe mawumemewo, eye malɔ̃ be, woagatrɔ ɖe bometsitsi ŋu o. 10 Nyateƒe, eƒe xɔname tsɔ ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la gbɔ, ne bubu nanɔ míaƒe anyigba ŋu. 11 Amenuveve kple nyateƒe ado go wo nɔewo; dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa agbugbɔ nu na wo nɔewo. 12 Nyateƒe amie tso anyigba me, eye dzɔdzɔenyenye ado mo ɖa tso dziƒo. 13 Yehowa ana nu nyui hã, eye míaƒe anyigba ame eƒe ku. 14 Dzɔdzɔenyenye adze eŋgɔ, eye wòelé ŋku ɖe eƒe efɔtoƒe ŋu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana