Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 84 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawuxɔ la yome didi.

1 Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe Gat-viwo tɔ nu.

2 Yehowa Zebaot, wò nɔƒewo sɔe nam loo!

3 Yehowa ƒe xɔxɔnuwo le nye luʋɔ dzrom yi ɖe menye ke; nye dzi kple nye ŋutilã le aseye tsom de Mawu gbagbe la ŋu.

4 Xevi kpɔ aƒe, eye sagbadre kpɔ atɔ na eɖokui, afisi wòatsɔ viawo aɖoe, eye nye wò vɔsamlekpuiwo, Yehowa Zebaot, nanye kple Mawunye.

5 Woayra amesiwo le aƒewò me la; woakafu wò ɖaa. Sela.

6 Woayra amegbetɔ, siwo ƒe ŋusẽ le mewò, amesiwo ƒe dziwo le Zion mɔtatawo ŋu.

7 Ne woto aɖatsibali me la, wowɔnɛ wòzua tsidzɔƒe; eye aɖatsi tsɔa yayra ɖoa atsyɔ̃ na.

8 Wole azɔli dzi, woƒe ŋusẽ le gã dom ɖe dzi, wova do ɖe Mawu ŋku me le Zion.

9 Yehowa, Mawu Zebaot, ɖo to nye gbedodoɖa, Yakob ƒe Mawu, see! Sela.

10 Mawu, mía akpoxɔnu, kpɔ nu, eye nalé ŋku ɖe wò amesiamina la ƒe mo!

11 Elabena ŋkeke akpe mede wò xɔxɔnu nɔnɔ ŋkeke ɖeka nu o, melɔ̃ be, matsi tre ɖe kpui nu le nye Mawu ƒe me, wu esi manɔ eme vɔ̃ɖiwo ƒe agbaɖɔ me.

12 Elabena ɣe kple akpoxɔnu enye Yehowa Mawu; Yehowa na amenuveve kple bubu, eye metea nu nyui amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la o.

13 Yehowa Zebaot, woayra amesi ɖoa ŋu ɖe ŋuwò la!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan