Psalmowo 83 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Kukuɖeɖe le kpekpeɖeŋu ta le Israel ƒe futɔwo ŋuti. 1 Hadzidzi, Asaf ƒe ha. 2 Mawu, ɖoɖoe megazi le ŋuwò o, Mawu, megazi kpi o, eye megaɖo ho to o! 3 Elabena kpɔ ɖa, wò futɔwo nyrã, eye wò ketɔwo kɔ ta dzi. 4 Wole tame ɖom le aye me de wò dukɔ ŋu, eye wole adaŋu dem ɖe wò amesiwo nèɣla la ŋu. 5 Wole gbɔgblɔm be: Miva, míatsrɔ wo, ne womaganye dukɔ o, eye ne womagaɖo ŋku Israel ƒe ŋkɔ dzi azɔ o! 6 Wode adaŋu nu ɖekɛ, ŋuwò wobla nu ɖo: 7 Edom ƒe agbadɔwo kple Ismaeltɔwo, Moabtɔwo kple Hagaritɔwo, 8 Gebal, Amon, Amalek, Filistitɔwo kple Tirotɔwo. 9 Asur hã ɖe wo dzi, woawoe nye Lot-viwo ƒe alɔ. Sela. 10 Wɔ wo abe Midiantɔwo kple Sisera ene, abe Yabin le Kison-tɔʋu la nu ene! 11 Wotsrɔ̃ le Endor, eye wozu aɖu na anyigba. 12 Wɔ woƒe amegãwo abe Oreb kple Zeeb ene, eye woƒe aʋafiawo katã ahe Zebax kple Zalmuna ene; 13 wo, amesiwo gblɔ be: Miaxɔ Mawu ƒe nɔƒewo na mía ɖokui! 14 Nye Mawu, wɔ wo abe yali ene, eye abe gbe ƒuƒu le ya nu ene! 15 Alesi dzo bia ave, eye dzo ƒe ade tɔa dzo towoe la, 16 nenema natsɔ wò ya ʋuduʋudu ati wo yomee, eye nado dzikatsoƒoe na wo kple wò ahom! 17 De ŋukpe mo na wo fũ, ne woadi wò ŋkɔ, Yehowa! 18 Ŋu akpe wo, eye ŋɔ adzi wo tegbee, woƒe mo atsi dã, eye woatsrɔ̃, 19 ne woadze sii be, ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana