Psalmowo 82 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Ŋkumeka-nyagbɔgblɔ ɖe dziɖula mawɔ, nuteƒeawo ŋu. 1 Asaf ƒe ha. Mawu tsi tre ɖe Mawu ƒe ha la me, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu le mawuwo dome. 2 Ɣekayi miadrɔ̃ ʋɔnu madzɔmadzɔ ase do, eye miade ame vɔ̃ɖi la dzi? Sela. 3 Midrɔ̃ ʋɔnu ame tsɛwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe eteƒe, eye mitso na hiãtɔwo kple ame dahewo! 4 Mixɔ na ame tsɛwo kple ame dahawo, eye midu wo le ame vɔ̃ɖi la si! 5 Womedze sii o, eye womenyae o, wole zɔzɔm le viviti me, eye anyigba ƒe agunuwo katã le ʋaʋãm. 6 Nyee gblɔ be: Mawuwo mienye, eye dziƒoʋitɔ la ƒe viwo mi katã mienye! 7 Ke miaku abe amegbetɔwo ene, eye miatsi aʋa abe amegãwo dometɔ ɖeka ene. 8 Mawu, tso, nadrɔ̃ ʋɔnu anyigba, elabena wòe nye dukɔwo katã ƒe domenyila! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana