Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 81 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Ŋkekenyuieɖuɖu nyuitɔ.

1 Asaf tɔ na henɔ la, ne woadzi ɖe Gat-viwo tɔ nu.

2 Migli kple dzidzɔ ɖe Mawu, si nye míaƒe ŋusẽ la ŋu, eye mitso aseye ɖe Yakob ƒe Mawu la ŋu!

3 Mixe ha, mina axatsɛwo, gakasaŋku kple saŋku viviwo naɖi!

4 Miku kpẽ le dzinu yeye dzi, eye ne dzinu sɔ tegblẽ le míaƒe ŋkekenyuieɖugbe!

5 Elabena esia nye ɖoɖo na Israel kple Yakob Mawu la ƒe kɔnu.

6 Esime wòho de Egipte-nyigba ŋu la, etsɔe wɔ see na Yosef. Gbe, si nyemenya o la, di mese be:

7 Meɖe agba ɖa le eƒe abɔta, eye eƒe asi ɖe ɖa le tsikpo ŋu.

8 Eyɔm le xaxa me, eye mexɔ na wò, meɖo to wò le dziɖegbelilikpo me, eye medo wò kpɔ le dzrewɔtsi la gbɔ. Sela.

9 Nye dukɔ, see; Israel, maxlɔ̃ nu wò, be aɖo tom loo!

10 Mawu tutɔa ɖeke meganɔ asiwo o, eye megado gbe ɖa na mawu bubuwo o!

11 Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi. Ke wò nu baa, ne made nu eme na wò taŋ!

12 Ke nye dukɔ meɖo to nye gbe o, eye Israel melɔ̃ edzi nam o.

13 Eyata meɖe asi le wo ŋu ɖe woƒe dzimesesẽ la me, ne woazɔ ɖe woawo ŋutɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo la nu.

14 Oo, ɖe wònye ɖe nye dukɔ ɖo tom, eye Israel zɔ nye mɔwo dzi la,

15 anye ne asusɔ vie ko mabɔbɔ woƒe futɔwo ɖe anyi, eye matrɔ nye asi ɖe wote ketɔwo ŋu;

16 anye ne Yehowa ƒe adikãtɔwo avivi nu me na wo, eye woƒe ɣeyiɣi anɔ anyi tegbee;

17 anye ne matsɔ tu ʋaʋa anyi woe, eye mana woaɖi ƒo kple kpeto me nyitsi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan