Psalmowo 80 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Gbedodoɖa le Israel leléɖeasi ŋuti. 1 Asaf ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „dzogbenya ƒe ɖasediɖi“ ƒe gbe nu. 2 Wò, Israel kplɔla, see! Wò, amesi kpɔ Yosef dzi abe alẽ ene, eye nèbɔbɔ nɔ kerubiwo dzi gli la, do! 3 Na wò ŋusẽ nana azɔli dzi le Efrayim, Benyamin kple Manase ŋgɔ, eye ya xɔ na mí! 4 Mawu, gaɖo mí te, na wò ŋku me naklẽ, ne míakpɔ xɔname! 5 Yehowa, Mawu Zebaot, ɣeka ɣi nado dziku ɖe wò dukɔ ƒe gbedodoɖa ŋu ase ɖo? 6 Ena aɖatsibolo wo woɖu, eye nèna aɖatsi wo taŋtaŋ wono. 7 Etsɔ mí ɖo dzrenui na míaƒe aƒelikawo, eye míaƒe futɔwo le alɔme ɖem. 8 Mawu Zebaot, gaɖo mí te, na wò ŋku me naklẽ, ne míakpɔ xɔname! 9 Eho weinka tso Egipte, eye nènyã dukɔwo ɖa hetsɔe do. 10 Edzra eŋu ɖo, eye wòɖe ke hexɔ anyigba. 11 Eƒe vɔvɔli do ɖe towo dzi, eye wòɖe alɔ ɖe Mawu ƒe sedertiwo ŋu. 12 Eɖe alɔ do keke atsiaƒu nu ke, eye eƒe ɖɔ de tɔsisi la nu. 13 Nukaŋuti nèvuvu kpɔ le eŋu, be amesiwo katã to mɔ dzi yina la, nanɔ ekem? 14 Gbeha vuvui, eye gbemelãwo ɖui. 15 Mawu Zebaot, trɔ dzro, do kɔ ɖa tso dziƒo, kpɔ nu, eye galé ŋku ɖe weinka sia, 16 kple alɔ, si wò nuɖusi tsɔ ɖo, kpakple dzedze, si dzi nèkpɔ wòtsi la ŋu! 17 Dzo fiã wo, wolã wo, eye wò ŋku me ŋɔdzidodo na wotsrɔ̃. 18 Wò asi nenɔ wò nuɖusi ƒe ame kple amegbetɔvi, si dzi nèkpɔ wòtsi la ŋu, 19 ekema míate ɖa le ŋuwò o! Gbɔ agbe mí, eye míayɔ wò ŋkɔ! 20 Yehowa, Mawu Zebaot, gaɖo mí te, na wò ŋku me naklẽ, ne míakpɔ xɔname! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana