Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu ƒe gãnyenye ɖe eɖokui fia le nuwɔwɔ me Amegbetɔvi la ƒe bɔbɔɖanyi kple dodoɖedzi.

1 Dawid ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe Gatitɔwo tɔ nu.

2 Yehowa, mía Aƒetɔ, wò amesi na wò ŋutikɔkɔe gbagba gbɔ dziƒo ta, ale gbegbe wò ŋkɔ dzeani le anyigba blibo la dzii!

3 Deviwo kple vi nonowo ƒe nu me neli ŋusẽ anyi ɖo le wò ketɔwo ta, ne nana ketɔwo kple hlɔ̃bialawo ƒe nu natɔ kpe.

4 Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔ, ɣleti kple ɣletiviwo, siwo, newɔ la,

5 nuka nye amegbetɔ, be néɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi, be néléa ŋku ɖe eŋu?

6 Esusɔ vie, nena wòsɔ kple Mawu kloe, eye netsɔ bubu kple ŋutikɔkɔe ɖɔ nɛ.

7 Etsɔe ɖo wo asinudɔwɔwɔwo nu, eye netsɔ nuwo katã ɖe eƒe ato te:

8 alẽwo kple nyiwo siaa hekpe ɖe gbemelãwo hã ŋu,

9 dziƒoxeviwo kple ƒumelãwo kpakple nusianu, si zɔa atsiaƒu me.

10 Yehowa, mía Aƒetɔ, ale gbegbe wò ŋkɔ dzeani le anyigba blibo la dzii!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan