Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 79 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Nuxaxa le Yerusalem gblẽlawo ŋuti.

1 Asaƒ ƒe ha. Mawu, dukɔwo nye zi de wò domenyinu dzi, wogblẽ kɔ ɖo na wò gbedoxɔ kɔkɔe la, eye wotsɔ Yerusalem wɔ anyiglãgoe.

2 Wotsɔ wò dɔlawo ƒe kukuawo na dziƒoxewo, ne woaɖu, kple wò ame kɔkɔewo ƒe lã na gbemelãwo.

3 Wokɔ woƒe nu ɖe Yerusalem ŋu goɖoo abe tsi ene, eye amea ɖeke meli aɖi wo o.

4 Míezu ŋukpe na míaƒe aƒelikawo kple alɔmeɖenu kpakple vlododo na amesiwo ƒo xlã mi?

5 Yehowa, ɣekaɣi nado dziku ɖaa ase ɖo, eye wò ŋuʋaʋã nabi abe dzo ene?

6 Trɔ wò dziku heliheli la kɔ ɖe dukɔ, siwo menya wò o, kpakple fiaɖuƒe, siwo meyɔ wò ŋkɔ o la dzi!

7 Elabena womi Yakob, eye wodo aƒedo enɔƒewo.

8 Megaɖi tsãtɔwo ƒe vodadawo na mí o! Netsɔ, nakpɔ nublanui na mí, elabena míegbɔdzɔ ŋutɔ!

9 Mía xɔname ƒe Mawu, xɔ na mi le wò ŋkɔ ƒe bubu la ta; ɖe mí, eye natsɔ mía nuvɔ̃wo ke mí le wò ŋkɔ la ta!

10 Nukaŋuti dukɔwo anɔ gbɔgblɔm be: Afika woƒe Mawu la le? Wò dɔlawo ƒe ʋu, si wokɔ ɖe anyi, ƒe hlɔ̃biabia nedze le mía ŋku me ɖe dukɔwo ŋu!

11 Gatɔwo ƒe ŋeŋe nede gbɔwò! Le wò alɔ ƒe sesẽ la nu na kuviwo nakpɔtɔ ɖi!

12 Oo, Aƒetɔ, ɖo míaƒe aƒelikawo ƒe vlo, si wodo wò la, teƒe ɖe akɔnu na wo zi adre!

13 Ke mí, wò dukɔ kple wò lãnyiƒe ƒe alẽwo, míada akpe na wò tegbee, eye míaxlẽ wò ŋkɔxɔxɔ afia le dzidzimewo katã me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan