Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 77 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Akɔfafa kple Mawu ƒe tsa nublanuikpɔkpɔ.

1 Asaf ƒe ha na henɔ Yedutun.

2 Mekɔ gbe dzi na Mawu, eye mele ɣli dom; Mawue mekɔ gbe dzi na, ɖo tom!

3 Medi Aƒetɔ la le nye xaxaɣiwo me; meke nye abɔwo me le zã, eye womedo agblɔ o; akɔfafa la, toxa ko nye luʋɔ le esem ɖo.

4 Mele ŋu ɖom Mawu hele hũ ɖem; mele ŋugble dem, eye nu ti kɔ na nye gbɔgbɔ. Sela.

5 Eke nye ŋkuyiwo ɖe te, metsi dzodzodzoe, eye gbɔgblɔ bu ɖem.

6 Mele blema ŋkekewo kple gbaɖegbe ƒewo ŋu bum.

7 Le zã me le mele tame bum le nye kasaŋkuƒoƒo ŋu, nye dzi le ŋugble dem, eye nye gbɔgbɔ le nu me dzrom.

8 Ɖe Aƒetɔ la agbe ame tegbee, eye magave ame nu oa?

9 Ɖe eƒe amenuveve nu yi ɖikaa, eye ɖe eƒe ŋugbedodo nu tsi na dzidzimewo katã?

10 Ɖe Mawu ƒe ŋku dzo le edzi be, wòave ame nua? eye ɖe wòdo ʋɔ ɖe eƒe nublanuikpɔkpɔ nu le dziku mea? Sela.

11 Mebe: Nye kokoƒoƒo enye be, dziƒoʋitɔ la ƒe nuɖusi netrɔ!

12 Yehowa ƒe nuwɔwɔwo anɔ ŋku dzi nam, ẽ, maɖo ŋkuwò blemanukunuwo dzi.

13 Mabu tame le wò nuwɔwɔwo katã ŋu, eye made ŋugble le wò dɔwɔwɔwo ŋu.

14 Mawu, wò mɔ le kɔkɔe, Mawu kae lolo abe wò Mawu ene?

15 Wòe nye Mawu, amesi wɔ nukunuwo, èɖe wò ŋusẽ fia le dukɔwo dome.

16 Etsɔ abɔ sesẽ ɖe wò dukɔ la, Yakob-viwo kple Yosef-viwo. Sela.

17 Mawu, tsiwo kpɔ wò; esi tsiawo kpɔ wò la, ŋɔdzi lé wo, eye tɔwo gɔme dzo kpekpekpe.

18 Alilikpo ɖuɖu tsi, dziŋgɔ ɖe gbe, eye wò aŋutrɔwo va yi.

19 Wò gbeɖeɖe ɖi le yali me, dzikedzo ke dzo ɖe xexeame; anyigba ʋuʋu, eye wòdzo nyanyanya.

20 Wò mɔ le atsiaƒuwo me, wò toƒe le tɔ geɖewo me eye womedze si wò afɔʋeewo o.

21 Mose kple Aron dzi neto kplɔ wò dukɔ abe lãha ene.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan