Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 76 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dziƒo ʋɔnudrɔ̃la la kafukafu.

1 Hadzidzi. Asaf ƒe ha na kasaŋkuwo ƒe henɔ.

2 Wonya Mawu le Yuda, eƒe ŋkɔ lolo le Israel;

3 eƒe agbadɔ le Salem, eye eƒe nɔƒe le Zion.

4 Gama wòŋe aŋutrɔ, akpoxɔnu kple yi, eye wòna aʋawɔwɔ nu tsi le. Sela.

5 Eklẽ, eye ŋuwò kɔ wu blematowo.

6 Woha nu le kalẽtɔ dziƒowo ŋu, eye woyi alɔ̃ me ʋi; ŋutsuwɔlawo kalã meganya afika woƒe alɔ le o.

7 Yakob ƒe Mawu, le wò bublu la nu luʋɔ dzo le aʋawɔtasiaɖamwo kple sɔwo siaa ta.

8 Wò la, ŋɔdzi le ŋuwò, eye ameka anɔ te de nuwò, ne dzi ku wòa?

9 Ena wose wò afiatsogbe tso dziƒo; dzika tso anyigba ƒo, eye ɖoɖoe zi le eŋu;

10 esime Mawu tso ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, ne wòaxɔ na anyigba dzi hiãtɔwo katã. Sela.

11 Amegbetɔwo ƒe dɔmedzoe anye kafukafu na wò, eye dɔmedzoe ƒe susɔea natsɔ abla ati dzii.

12 Miɖe adzɔgbe, eye miwɔ edzi na Yehowa, mia Mawu la! Mi amesiwo le eŋu godoo la, mitsɔ nunanawo vɛ na amesi ŋu ŋɔdzi le!

13 Amesi ŋea dàda nu na amegãwo, eye wòdzia ŋɔ na anyigba dzi fiawo.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan