Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 75 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu enye ʋɔnudrɔ̃la.

1 Megagblẽ nu o! Hadzidzi, Asaf ƒe ha na henɔ la.

2 Míeda akpe na wò, Mawu, míeda akpe na wò, wò ŋkɔ mo kpuiƒe, eye wole wò nukunuwo xlẽm fia.

3 Elabena ne ɣeyiɣi, si meɖo, de la, madrɔ̃ nɔnu ɖe eteƒe.

4 Ne anyigba kple edzi nɔlawo katã lolo hã, nyee li ke eƒe sɔtiwo. Sela.

5 Megblɔ na adegbeƒolawo be: Miganɔ adegbe ƒom o! eye na ame vɔ̃ɖiwo be: Migakɔ miaƒe dzo dzi o!

6 Migaka míaƒe dzo ɖe dzi o, eye migalia kɔ anɔ nya baɖa gblɔm o!

7 Elabena menye ɣedzeƒe alo ɣetoɖoƒe alo gbedzie dodoɖedzi tsona o,

8 ke boŋ Mawue nye ʋɔnudrɔ̃la; eyae bɔbɔa amesi ɖe anyi, eye wòdoa ame keme ɖe dzi.

9 Elabena kplu le Yehowa si, wein le fu tem le eme, eye aha tɔtɔ yɔe banaa; eku aha tso me, anyigba dzi ame vɔ̃ɖiwo akplɔ keke ahaƒã ke hã, eye woanoe ƒiaƒiaƒia.

10 Ke nye la matsɔe aɖe gbe ƒãe tegbee, eye madzi kafukafuha na Yakob ƒe Mawu la.

11 Malã ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzowo katã; eme dzɔdzɔewo ƒe dzowo ade dzi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan