Psalmowo 74 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Nuxaxa le kɔkɔeƒe la gbegbe ŋuti. 1 Asaf ƒe nufiameha. Mawu, nukaŋuti nègbe mí ɖikaa, eye wò dɔmedzoe le adzudzɔ tum ɖe wò lãnyiƒe ƒe lãhɔwo ŋu? 2 Ɖo ŋku wò ameha, si nèxɔ ƒle le blema, eye nèɖe, be natsɔ awɔ domenyinu na ɖokuiwò, kple Zion-to, si dzi nèle la dzi! 3 De wò afɔ yi gli gbagbã ɖikaɖikawo gbɔ! Futɔ la gblẽ nuwo katã le kɔkɔeƒe la. 4 Wò ketɔwo le xɔxlɔ̃m le wò takpeƒewo titina, eye woɖo woƒe dzesiwo, ne woanye dzesiwo. 5 Ele abe amea ɖe, si kɔ fia dzi le ave dodo me, 6 eye wòtsɔ fia kple zu gbã eƒe ati, siwo katã ŋu wowɔ aɖaŋu do la ene. 7 Wotɔ dzo wò kɔkɔeƒe la, wogblẽ kɔ ɖo na wò ŋkɔ ƒe nɔƒe la vaseɖe anyigba ke, 8 hele gbɔgblɔm le woƒe dzi me be: Mina míate wo katã ɖe anyi! Wotɔ dzo takpeƒe kɔkɔewo katã. 9 Míele míaƒe dzesiwo kpɔm o; nyagblɔɖilaa ɖeke megali o, eye amea ɖeke mele mía dome anya ɣesiɣi wòava ase ɖo o. 10 Mawu, ɣekaɣi ketɔ la anɔ vlo dom, eye futɔ la anɔ alɔme ɖem le wò ŋkɔ ŋu ɖikaa ase do? 11 Nukaŋuti nèhe wò asi kple wò nuɖusi de megbe? Doe ɖa tso wò akɔnu nagblẽ nu! 12 Ke Mawue nye fianye tso blema ke, amesi wɔ xɔnamedɔwo le anyigba dzi. 13 Etsɔ wò ŋusẽ mã atsiaƒu me ɖe eve, eye nègbã bosowo ƒe ta le tɔwo dzi. 14 Egbã lo ƒe ta, eye nètsɔe wɔ nuɖuɖu na gbegbenɔlawo ƒe amehawo. 15 Wòe na tsidzɔƒewo kple lɔʋuwo si, eye nèna tɔsisi gãwo mie. 16 Tɔwòe nye ŋkeke, eye tɔwòe nye zã, wòe ɖo kekeli kple ɣe. 17 Wòe de anyigba ƒe liƒowo katã, eye wòe wɔ dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli. 18 Yehowa, do ŋui be, wòe futɔ la do vloe, eye wò ŋkɔ ŋu dukɔ bometsila la ɖe alɔme le! 19 Megatsɔ wò akpakpa ƒe luʋɔ de asi na gbemelãwo o, eye megaŋlɔ wò hiãtɔwo ƒe agbe be ɖikaa o! 20 Ɖo ŋku nubabla la dzi! Elabena ŋutasesẽ ƒe nɔƒewo yɔ anyigba ƒe ɣaɣlɛƒewo fũ. 21 Megana amesi wote de anyi la, natrɔ kple ŋukpe o! Hiãtɔwo kple ame dahewo akafu wò ŋkɔ. 22 Mawu, tso, nawɔ wò aʋa! Ɖo ŋu alɔme, si bometsilawo le ɖeɖem le ŋuwò atraɖi la! 23 Megaŋlɔ wò futɔwo ƒe ɣli kple wò ketɔwo ƒe howɔwɔ, si le dzi dem ɖaa la be o! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana