Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 73 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


AGBALẼ ETƆ̃LIA. Mawuvɔ̃la kpɔa akɔfafa le xexeame ƒe dzɔgbenyuie me.

1 Asaf ƒe ha. Nyateƒee, Mawu ƒe dɔme nyo ɖe Israel ŋu, de amesiwo ƒe dzi dza la ŋu.

2 Ke nye la ekpɔtɔ ʋee nye afɔ da kloe, esusɔ vie nye afɔ ɖiɖi kloe.

3 Elabena meʋã ŋu adegbeƒola, esi mekpɔ be, enyona na ame vɔ̃ɖi la.

4 Womesea vevea ɖeke vaseɖe ku me o, eye woƒe ƒodo da ami.

5 Amegbetɔwo ƒe hiãkpekpe mele wo ŋu o, eye womeɖea fu na wo abe amegbetɔ bubuwo ene o.

6 Eyata dada enye woƒe kɔdzonu, eye wotsyɔ ŋutasesẽ abe avɔ ene.

7 Woƒe ŋku do le ami me hɔ̃, eye woƒe dzimesusuwo do lululu.

8 Wole alɔme ɖem le nu ƒom le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋuti, wole kɔkɔƒe le nu ƒom le tetedeanyi ŋuti do ɖa.

9 Wodoa woƒe nu de dziƒo, eye woƒe aɖe le tsatsam le anyigba dzi.

10 Eyata amewo kplɔa wo ɖo bibibi, eye wokplɔa tsi geɖe hlohlohlo.

11 Eye wole gbɔgblɔm be: Ɖe Mawu nyae, eye ɖe nunya le dziƒoʋitɔ la sia?

12 Kpɔ ɖa, alea ame vɔ̃ɖiwo le, eye wolia kɔ kesinɔnuwo ɖi daa fuɖeɖea ɖeke makpɔmakpɔe.

13 Nyateƒe, yakatsyɔe mene nye dzi ŋn dza, eye meklɔ nye asi ɖe fɔmaɖimaɖi me.

14 E, mekpea tu gbesiagbe, eye nye tohehe li ŋdi sia ŋdi.

15 Ɖe nye hã megblɔ be, maƒo nu abe woawo ke ene la, anye ne meto vo ɖe viwòwo ƒe dzidzime ŋu.

16 Mebu tame, be madze si esia, hiãkame wònye le ŋkunye me,

17 vaseɖe esime mege de Mawu ƒe kɔkɔeƒe la, eye melé ŋku ɖe woƒe nuwuwu ŋu.

18 Nyateƒee, ètsɔ wo ɖo ɖiɖiƒe, eye nèxlã wo ɖe anyi wozu anyiglãgo.

19 Ale ŋɔdzi na wotsrɔ̃ le aɖabaƒoƒo ɖeka me, wobu, eye wo nu yi!

20 Aƒetɔ, ne ènyɔ la, àdo vlo woƒe nɔnɔme abe drɔ̃ekuku le nyɔnyɔ megbe ene.

21 Esi dzi kum, eye nye ayikuwo ɖum la,

22 mele abe bometsila ene, nunya mele tagbɔ nam o, eye meɖi lã le ŋkuwò me.

23 Ke mele gbɔwò ɖaa, eye nèlé nye nuɖusi ɖe asi.

24 Akplɔm le wò adaŋudede la nu, eye emegbe àxɔm ɖe gbɔwò kple bubu.

25 Amekae le dziƒo nam? Nyemele naneke dim le anyigba dzi kpe ɖe ŋuwò o.

26 Ne nye ŋutilã kple nye dzi nu yi hã, Mawue nye nye dzi ƒe sitsoƒe kple nye gome tegbee.

27 Elabena amesiwo te ɖe aga le ŋuwò la, woegblẽ; àtsrɔ̃ amesiwo katã trɔ ʋu le yowòme la.

28 Ke nye la, Mawu ƒe gbɔnyenɔnɔ enye nye dzidzɔ; meɖo ŋu ke Aƒetɔ Yehowa ŋu, ne maxlẽ eƒe dɔwɔwɔwo katã afia.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan