Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 72 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Wò fiaɖuƒe nava.

1 Salomo tɔ. Mawu, tsɔ wò ʋɔnudɔdrɔ̃ na fia la kple wò dzɔdzɔenyenye na flavi la!

2 Adrɔ̃ ʋɔnu wò dukɔ ɖe eteƒe kple wò hiãtɔwo alesi dze.

3 Towo kple togbɛwo netsɔ dzɔdzɔenyenye he ŋutifafa vɛ na dukɔ la!

4 Atso afia na dukɔ la ƒe hiãtɔwo, axɔ na ame daheviwo, eye wòato ŋutasẽla nyanyanya.

5 Ekema woavɔ̃ wò, ŋkeke alesi ɣe kple ɣleti li, tso dzidzime yi dzidzime.

6 Aɖi ɖe anyi ahe tsidzadza ɖe gbe talãlàe dzi ene, abe tsi gãe ƒo anyigba ene.

7 Ekema ame dzɔdzɔe la amie le eƒe ŋkekewo me, eye ŋutifafa axɔ aƒe, vaseɖe esime dzinu maganɔ anyi o.

8 Aɖu fia tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, tso tɔsisi la nu ɖaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.

9 Gbegbe nɔlawo adze klo ɖe eŋku me, eye eƒe futɔwo atu mo ke me.

10 Tarsis-fiawo kple ƒukpowo dzi fiawo atsa nunanawo vɛ, Saba-fiawo kple Seba-fiawo axe nudzɔdzɔ.

11 Fiawo katã aɖe ta agu nɛ, eye dukɔwo katã asubɔe.

12 Elabena aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔa ɖeke meli na o la.

13 Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye woade ame dahewo ƒe luʋɔ.

14 Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me.

15 Anɔ agbe, eye woana Seba-sikae, woado gbe ɖa ɖe eta ɖaa, eye woakafui ɣesiaɣi.

16 Bli aɖo kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame, eƒe agblemenuwo ado zi abe Libanon ene, eye woaƒo se le duwo me abe gbe le anyigba dzi ene.

17 Eƒe ŋkɔ anɔ anyi tegbetegbe; ŋkeke alesi ɣe li la, eƒe ŋkɔ amie, eye amewo atsɔe ayra wo nɔewoe; dukɔwo katã akafui.

18 Woakafu Yehowa Mawu, Israel ƒe Mawu la, amesi ɖeɖe ko wɔ nukunuwo!

19 Woakafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la tegbee! Eƒe bubu ayɔ anyigba blibo la dzi fũ! Nenɔ alea, ẽ, nenɔ alea!

20 Dawid, Isai vi la, ƒe gbedodoɖa wu nu.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan