Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 71 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu ƒe amenuveve biabia le amegãkuku me.

1 Yehowa, wòe mesi tso, megana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o!

2 Tsɔ wò dzɔdzɔenyenye ɖem, eye na mado le eme; ƒu to anyi ɖe ŋunye, eye naxɔ nam!

3 Na woanye agakpeto nam, afisi masi ayi ɖaa; wò, amesi ɖo be, yeaxɔ nam; elabena nye agakpe kple nyee mɔ sesẽ nènye.

4 Nye Mawu, ɖem tso ame vɔ̃ɖi la si me, eye naɖem tso ame vlo la kple ŋutasẽla ƒe fego me!

5 Elabena wòe nye nye mɔkpɔkpɔ, Aƒetɔ Yehowa, nye nusi ŋu meɖoa ŋu ɖo tso nye ɖevime ke!

6 Ŋuwò meziɔ ɖo tso danye ƒe dɔ me ke, eye danye ƒe dɔ me nèɖem tsoe, nye kafukafu enye tɔwò ɖaa.

7 Nuku menye na ame geɖewo, ke wòe nye nye sitsoƒe sesẽ.

8 Nye nu me yɔ fũ kple wò kafukafu, nye ŋkekewo kple wò dodoɖedzi.

9 Megagbem le amegãkuɣi o, eye ne nye ŋusẽ nu yi la, megagblẽm ɖi o!

10 Elabena nye futɔwo le nu ƒom le ŋunye, eye amesiwo de xa ɖe nye agbe ŋu la, le adaŋu dem kple wo nɔewo

11 le gbɔgblɔm be: Mawu gblẽe ɖi, miti eyome, eye milée, elabena xɔnametɔa ɖeke meli o!

12 Mawu, meganɔ adzɔge tso gbɔnye o, nye Mawu, netsɔ naxɔ nam!

13 Ŋu nekpe amesiwo lé fu nye luʋɔ la, eye wo nu neyi; vlododo kple ŋukpe nenyẽ tsyɔ amesiwo le nye dzɔgbevɔ̃e dim la!

14 Ke nyea manɔ mɔkpɔkpɔ dzi daa, eye madzi wò kafukafu ɖe dzi.

15 Nye nu axlẽ wò dzɔdzɔenyenye afia, kple wò xɔname hã ɣesiaɣi; elabena womele xexlẽ me nam o.

16 Mado kple Aƒetɔ Yehowa ƒe nutsuwɔwɔwo, eye eƒe dzɔdzɔenyenye ɖeɖeko mekafu.

17 Mawu, èfia num tso nye ɖevime ke, eye meɖe gbe ƒã wò nukunuwo vaseɖe fifi.

18 Eyata, Mawu, megagblẽm ɖi o vaseɖe nye amegãkuku kple nye wɔƒoƒo me, vaseɖe esime meɖe gbe ƒã wò alɔ na dzidzimeviwo kple wò ŋusẽ na megbeviwo katã!

19 Mawu, wò dzɔdzɔenyenye kɔ de dziƒo ke; wò amesi wɔ nu gãwo, Mawu, amekae ɖe nuwò ma?

20 Wò amesi na míekpɔ hiã kple dzɔgbevɔ̃e geɖe la, wò kee agbɔ agbe mí, eye nahe mí tso anyigbatu me ke ava dzii.

21 Adzi nye gãnyenye ɖe dzi, eye agafa akɔ nam.

22 Ekema nye hã matsɔ saŋku akafu wò le wò nyateƒe la ta, nye Mawu; maƒo gakasaŋku na wò, wò Israel ƒe kɔkɔetɔ.

23 Nye nuyiwo kple nye luʋɔ, si nèɖe la, atso aseye, ne mele saŋku ƒom na wò.

24 Nye aɖe hã aƒo nu le wò dzɔdzɔenyenye ŋu daa; elabena ŋukpe le amesiwo di nye dzɔgbevɔ̃e la, eye woƒe mo tsi dã.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan