Psalmowo 7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dawid kpɔ mɔ na Mawu dzɔdzɔetɔ la be, aɖe ye la yeƒe futɔwo si me. 1 Dawid ƒe konyifaha, si wodzi na Yehowa, le Benyamintɔ Kus ƒe nyawo ta. 2 Yehowa, nye Mawu, mesi wò tso, xam tso yonyemetilawo katã si me, eye naɖem, 3 ne womagalem avuvu abe dzata ene, eye xɔnametɔa ɖeke manɔ anyi o! 4 Yehowa, nye Mawu, ne mewɔ nusia, nu tovo le ɖe asi ŋu nam, 5 eye mewɔ vɔ̃ ɖe xɔ̃nye ŋu la, — eva wonye meɖe amesi lé fum yakatsyɔ la hafi — 6 ekema futɔ neti yonyeme, eye wòatum, nefanyam ɖe anyigba, eye wòate nye bubu ɖe ke me! Sela. 7 Tsi tre, Yehowa, le wò dɔmedzoe me; tso ɖe nye ketɔwoƒe agbodzedze ŋu, eye nadzɔ ŋunye, wò amesi ɖo ʋɔnudɔdrɔ anyi la! 8 Dukɔwo ƒe amehawo ɖe to ɖe wò, to wo dzi nagbugbɔ ayi dziƒo! 9 Yehowa enye dukɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃lã. Drɔ̃ ʋɔnum, Yehowa, de nye dzɔdzɔenyenye kple fɔmaɖimaɖi, si le ŋunye la nu! 10 Na ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nu natso, eye nali ke ame dzɔdzɔe la; elabena wò, Mawu dzɔdzɔe la, édzroa dziwo kple ayikuwo me kpɔna. 11 Nye akpoxɔnu le Mawu si, eya xɔna na amesiwo ƒe dzi toa mɔ ɖeka la. 12 Mawu enye ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe kple Mawu, si dzi kuna daa. 13 Ne amea de metrɔ tame o ta, enyrea eƒe yi, evua eƒe da me ɖi, eye wònɔa adeklo dzi. 14 Edzidzenɛ kple lãnuwo, eye wòdraa dzo eƒe aŋutrɔwo. 15 Kpɔ ɖa, nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe fu le eɖum; efɔ dzɔgbevɔ̃e ƒe fu, eye wòava dzi alakpa. 16 Eɖe ʋe, eye wòwlu eme, ke ege dze do, si wòɖe la me. 17 Eƒe dzɔgbevɔ̃e trɔ va eƒe ta dzi, eye eƒe ŋutasesẽ gbugbɔ va dze eƒe dzodome. 18 Makafu Yehowa le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋuti, eye menyɔ Yehowa, dziƒoʋitɔ la, ƒe ŋkɔ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana