Psalmowo 69 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu ƒe dɔla le fukpekpe gã me. 1 Dawid tɔ na henɔ la, ne woadzi ɖe „Dzogbenya“ ƒe gbe nu. 2 Mawu, xa nam, elabena tsi de nye luʋɔ gbɔ! 3 De ƒe agbi mim, afɔɖoƒe meli o, mege ɖe tɔ ƒe gogloƒe, eye tsi ɖɔ va to dzinye. 4 Meɖo ɣli nu ti kɔ nam, eye nye gbe me xe, mele mɔ kpɔm na nye Mawu ʋuu wòti nye ŋkuwo. 5 Amesiwo lém ɖe ke me yakatsyɔ la, sɔ gbɔ wu nye taɖa, eye nye futɔ alakpadala, siwo be, yewoagblẽm la, ɖe ha ŋutɔ, nusi nyemeda adzoe o la, teƒe wobe, maɖo. 6 Mawu, enya nye bometsitsi, eye nye fɔɖiɖiwo meɣla ɖe wò o. 7 Aƒetɔ. Yehowa Zebaot, ŋu megakpe amesiwo le mɔ kpɔm na wò la, le tanye o! Israel ƒe Mawu, amesiwo dia wò la, ƒe mo megatsi dã o! 8 Elabena tawò mele vlododo tsom, eye ŋukpe tsyo nye mo ɖo. 9 Mezu amedzro na nɔvinyeŋutsuwo, kple ame manyamanya na danyeviwo. 10 Elabena ŋuʋaʋã ɖe wò aƒe ŋu mim, eye amesiwo le vlo dom wò la, ƒe vlodoame va dzinye. 11 Mefa avi, eye metsi nu dɔ, ke ŋukpe ko wozu nam. 12 Metsɔ akpanya wɔ nye avɔe, eye mezu hamelo na wo. 13 Amesiwo bɔbɔ nɔ agbo nu la, le nu ƒom le ŋunye, eye ahamulawo le ha dzim deyem. 14 Ke nyea medo gbe ɖa na wò, Yehowa, le amenuveɣi la; Mawu, tsɔ wò xɔname nyateƒetɔ la ɖo tom le wò amenuveve sɔgbɔ la nu! 15 Ɖem tso agbi me, ne nyemagayi to o, ne mado tso nye ketɔwo si me kple tɔ goglowo me; 16 ne tsi magaɖɔ ato tanye o, ne gogloƒe magamim o, eye vudo magaxe eƒe nu ɖe nunye o! 17 Ɖo tom, Yehowa, elabena wò amenuveve la nyo; le wò nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la nu trɔ ɖe ŋunye! 18 Megaɣla wò mo ɖe wò dɔla o, elabena ŋɔdzi lém, netsɔ naɖo tom! 19 Te ɖe nye luʋɔ ŋu, eye naxɔe; le nye futɔwo ta dem! 20 Enya nye vlododo, ŋukpe kple dzo; ŋkuwò me nye ketɔwo katã le. 21 Vlododo gba nye dzi, eye wode dɔlã me nam; mekpɔ mɔ na babadoname, ke dzodzroa, eye na akɔfalawo, gake nyemekpɔ ɖeke o. 22 Wotsɔ veve nam be, maɖu, eye esi tsikɔ wum la, wokpe aha tsitsi nam. 23 Woƒe kplɔ̃ netrɔ zu ɖɔ na wo, eye wòanye mɔ̃ na amesiwo ɖe dzi ɖi! 24 Woƒe mo netsyɔ zi, ne womagakpɔ nu o, eye na woƒe ali nanɔ ʋaʋãm tegbee! 25 Trɔ wò dɔmedzoe kɔ ɖe wo dzi, eye wò dziku heliheli nelé wo! 26 Woƒe agbletawo nezu aƒedo, eye amea ɖeke meganɔ woƒe agbadɔwo me o! 27 Elabena wole amesi nèƒo la, yome tim, eye amesi ŋu nède abi la, ƒe vevesesewo ŋu wole nu ƒom le. 28 Tsɔ fɔɖiɖi ƒu fɔɖiɖi dzi na wo, eye megana woade wò dzɔdzɔenyenye la gbɔ o. 29 Woatutu wo ɖa le agbalẽ la me, eye womegaŋlɔ wo kpe de ame dzɔdzɔewo ŋu o! 30 Ke nyea mele nublanui me, eye veve ɖi tsi de ŋunye, gake Mawu, wò xɔname akɔm ɖe dzi. 31 Matsɔ hadzidzi akafu Mawu ƒe ŋkɔ, eye matsɔ akpedada ado bubui. 32 Eya adze Yehowa ŋu wu nyitsu, si dzo le eta, eye eƒe afɔkli me fe. 33 Hiãtɔwo akpɔe, eye woɔkpɔ dzidzɔ. Mi amesiwo le Mawu dim la, miaƒe dzi negbɔ agbe! 34 Elabena Yehowa ɖoa to ame dahewo, eye medoa vlo eƒe gatɔwo o. 35 Dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kpakple nusiwo katã ʋãna le eme, mikafui! 36 Elabena Mawu axɔ na Zion, eye wòatso Yuda-duwo, ne woana afima, eye woanye wo tɔ. 37 Eƒe dɔla ƒe viwo atsɔe anyi domee, eye amesiwo laa eƒe ŋkɔ la, woana eme. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana