Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 68 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Dziɖuɖuha.

1 Ha na henɔ la, Dawid tɔ.

2 Mawu tso, eƒe futɔwo ka hlẽ, eye eƒe ketɔwo si le eŋku me.

3 Abe alesi wogbɔa dzudzɔ ɖae ene la, nenema nanyã woe; alesi anyigba lólona le dzo nui la, nenema ame vɔ̃ɖiwo nu ayi le Mawu ŋku mee.

4 Ke ame dzɔdzɔewo le dzidzɔ kpɔm, wole aseye tsom le Mawu ŋku me, eye wogli kple dzidzɔ.

5 Midzi ha na Mawu, midzi kafukafuha na eƒe ŋkɔ! Mita mɔ na amesi tso gbedzi gbɔna; Yehowae nye eŋkɔ, eye mitso aseye le eŋku me!

6 Tsyuẽviwo fofo kple ʋɔnudrɔ̃la na ahosiwo nye Mawu le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.

7 Mawu, amesi kplɔa ame tsigbewo va aƒee, eye wòkplɔa gatɔwo yia dzɔgbenyuie mee; ke tosẽlawo atsi kuɖinyigba dzi.

8 Mawu, esi nèho dze wò dukɔ ŋgɔ, eye nètsa le gbegbe la, Sela,

9 anyigba ʋuʋu, Sinai sia hã, le Mawu ŋku me, eye dziŋgɔ ge la le Mawu, Israel ƒe Mawu la, ŋku me.

10 Mawu, èna tsi geɖe wu de wò domenyinu la dzi, èdo ŋusẽe, esime ɖeɖi te eŋu belibeli.

11 Wò amehawo nɔ edzi afima, Mawu, wò dɔmenyo nètsɔ wɔe na hiãtɔwo.

12 Aƒetɔ la ƒo nu, eye wòna nyɔnu du nyui xɔlawo de ha kpaŋ.

13 Aʋakɔwo ƒe fiawo si, wosi, eye aƒeanɔ mã aboyonu.

14 Ne míeƒu asaɖa anyi ɖe lãkpɔwo domee la, enɔna abe ahɔ̃ne ƒe aʋala, si ŋu wofa klosalo ɖo, kple eƒe fu, si ŋu sika le hẽ la ene.

15 Esi ŋusẽkatãtɔ la kaka fiawo me le afima la, sno dza ɖe Zalmon dzi.

16 Mawu ƒe to enye Basan-towo, to tame tsutsuẽwo nye Basan-towo.

17 Mi to tame tsutsuẽwo, nukaŋuti miele to, si Mawu di be, yeatsɔ awɔ ye nɔƒee la, kpɔm ɖe ƒomevii? E, Yehowa anɔ afima tegbee!

18 Mawu ƒe tasiaɖamwo le akpe nane teƒe akpe. Aƒetɔ la le wo dome. Sinai ye le kɔkɔeƒe la.

19 Edzo yi dzi me ʋi, èɖe amewo aboyoe, eye nèxɔ nunana le amegbetɔwo dome. Tosẽlawo hã anɔ Mawu Yehowa gbɔ.

20 Woakafu Aƒetɔ la gbeawotsyogbe! Eya, míaƒe xɔname ƒe Mawu la, le mía tsam. Sela.

21 Mawu enye míaƒe xɔname ƒe Mawu, eye Yehowa, Aƒetɔ la, nya mɔnu le bu ŋu.

22 Vavãe, Mawu agbã la na eƒe tutɔwo kple dzodome na amesiwo le yiyim le woƒe fɔɖiɖi me.

23 Aƒetɔ la gblɔ be: Makplɔ wo atso Basan, eye makplɔ wo atso atsiaƒu gɔme,

24 ne woaklɔ woƒe afɔ ɖe ʋu me, eye woƒe avũwo ƒe aɖewo nakpɔ wo tɔ gome te woƒe futɔwo ŋu.

25 Mawu, wole wò azɔlime kpɔm, nye Mawu, nye fia, wole wò azɔlime kpɔm la kɔkɔeƒe la.

26 Hadzilawo do ŋgɔ, saŋkuƒolawo xe megbe, eye ɖetugbi gakogoeƒolawo tsɔ wo ɖe dome.

27 Mikafu Mawu. Aƒetɔ la, le takpekpewo me, mi Israel ƒe agunuviwo!

28 Benyamin, si nye dɔmlɔea, nye woƒe dziɖula, Yuda-amegãwo kple woƒe ame gbogboawo, Zebulon-amegãwo kple Naftali-amegãwo.

29 Mawu, ɖo wò ŋusẽ te! Oo, Mawu, li ke nusi nèwɔ na mí la!

30 Le wò gbedoxɔ, si kɔ gbɔ Yerusalem ta, ŋuti fiawo atsɔ nunana va na wò.

31 Blu ɖe aƒla me la kple nyitsuwo ƒe ha, siwo le dukɔwo ƒe nyiviwo dome la ta; woawo, amesiwo na wonyã avuzi le wo dzi le klosalo ta. Kaka dukɔ, siwo lɔ̃a aʋawɔwɔ la hlẽ!

32 Amegãwo atso Egipte ava, eye Kus aɖe abla aɖo asi ɖe dzi na Mawu.

33 Mi anyigba dzi fiaɖuƒewo, midzi ha na Mawu, midzi katukafuha na Aƒetɔ la! Sela.

34 Eya, amesi le yiyim le blemadziƒowo ƒe dziƒowo; kpɔ ɖa, ana eƒe gbe, si nye gbe sesẽ la, naɖi woase,

35 Mitsɔ ŋusẽ na Mawu, eƒe ŋutikɔkɔe le Israel dzi, eye eƒe ŋusẽ le alilikpowo me.

36 Ŋɔdzi le Mawu ŋu le eƒe kɔkɔeƒe la; Israel ƒe Mawu la nena ŋusẽ kple kamesesẽ eƒe dukɔ la! Woakafu Mawu!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan