Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 67 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Mawu kafukafu le dukɔwo katã yayra ŋuti.

1 Ha na kasaŋkuwo ƒe henɔ.

2 Mawu, ve mía nu, eye nayra mí, na wò mo naklẽ na mí, Sela,

3 ne woadze si wò mɔ le anyigba dzi kple wò xɔname le dukɔwo katã dome!

4 Mawu, dukɔwo akafu wò, wòe dukɔwo katã woakafu.

5 Anyigbadzitɔwo akpɔ dzidzɔ, eye woatso aseye, elabena wòe drɔ̃a ʋɔnu dukɔwo ɖe eteƒe, eye wòe kplɔa anyigbadzitɔwo. Sela.

6 Mawu, dukɔwo akafu wò, wòe dukɔwo katã akafu.

7 Anyigba mie eƒe nukuwo. Mawu, mía Mawu la, ayra mí.

8 Mawu ayra mí, eye anyigba ƒe mlɔenutɔwo katã avɔ̃e.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan