Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 66 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Akpedada na Mawu le dukɔ la takpɔkpɔ ŋuti.

1 Ha na henɔ la. Mí anyigbawo katã, mitso aseye na Mawu!

2 Midzi ha na eƒe ŋkɔ ƒe bubu, eye mido kɔkɔe eƒe kafukafu la!

3 Migblɔ na Mawu be: Ŋɔdzi le wò dɔwɔwɔ ŋu loo! Le wò ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ ta wò futɔwo avivi nu me na wò.

4 Anyigbawo katã ade ta agu na wò, eye woadzi kafukafuha na wò, woadzi kafukafuha na wò ŋkɔ. Sela.

5 Miva, ne miakpɔ Mawu ƒe dɔwɔwɔ; eya, amesi wɔ nu dziŋɔwo ɖe amegbetɔviwo ŋu!

6 Etrɔ atsiaƒu wòzu ƒuƒuiƒe; afɔ wotsɔ tso tɔsisi lae; gama míekpɔ dzidzɔ ɖe eŋu le!

7 Ele fia ɖum le eƒe ŋusẽ me tegbee, eƒe ŋku le tsatsam le dukɔwo dzi. Tosẽlawo megafɔ wo ɖokui ɖe dzi o! Sela.

8 Mi dukɔwo, mikafu mía Mawu la, eye mina eƒe kafukafu naɖi woase!

9 Eya, amesi le míaƒe luʋɔ de agbe, eye meɖe ke le míaƒe afɔ te o.

10 Oo, Mawu, elabena èdo mí kpɔ, eye nèlòlo mí, abe alesi wolóloa klosalo ene.

11 Etsɔ mí de ɖɔ me, eye nèdro agba ɖe ali dzi na mí.

12 Ena amegbetɔwo nɔ míaƒe ta me; míedze dzo kple tɔ me, ke nèɖe mí do go heyi ablɔɖe mee.

13 Matsɔ numevɔsa ava aƒewò mee, ne maxe nye adzɔgbeɖefe,

14 siwo do tso nye nuyiwo me, eye nye nu gblɔ le nye hiã me la, na wò.

15 Matsɔ alẽ damiwo asa numevɔ na wò akpe ɖe agbowo ƒe dzudzɔ lilili ŋu, matsɔ nyiwo kple gbɔ̃tsuwo asa vɔ na wò. Sela.

16 Mi mawuvɔ̃lawo katã, miva, ne maxlẽ nusi wòwɔ na nye luʋɔ la, afia miase!

17 Eya metsɔ nye nu do ɣli na, eye kafukafu le nye aɖe te na.

18 Ɖe wònye ɖe meɖo nu vɔ̃ɖi ɖe nye dzi me la, anye ne Aƒetɔ la gbe toɖoɖom.

19 Ke Mawu see, eye wòɖo to nye gbedodoɖa ƒe gbe.

20 Woakafu Mawu, amesi megbe nye gbedodoɖa o, eye mete eƒe amenuvevem o!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan