Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 65 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Akpedahadzidzi le Mawu ƒe dɔmenyo ta.

1 Dawid ƒe ha. Ha na henɔ la.

2 Mawu, kafukafuha edze wò le Zion, eye wòe woaxe adzɔgbeɖefe na.

3 Eɖoa to gbedodoɖa, gbɔwòe ŋutilãwo katã woayi.

4 Míaƒe vodadawo ɖo kpo ɖe mía dzi: ke ètsɔ míaƒe dzidadawo ke.

5 Woayra amesi nètia, eye nèna be, wòava nɔ wò xɔxɔnuwo! Míaɖu wò ate me nu nyuiwo aɖi ƒo le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me.

6 Etsɔ nu dziŋɔwo ɖo to mí le wò dzɔdzɔenyenye la nu, míaƒe xɔname ƒe Mawu; wò amesi nye sitsoƒe na anyigba ƒe mlɔenuwo kple didiƒe ƒe atsiaƒuwo,

7 amesi li kè towo zã le wò ŋusẽ me, eye nètsɔ ŋusẽ bla ali dzi,

8 amesi tsi ƒu me gbeɖeɖe, ƒutsotsoewo ƒe howɔwɔ kple dukɔwo ƒe dzidodo nu,

9 ne anyigba ƒe mlɔenulɔwo navɔ̃ wò dzesiwo; èna ŋdi kple fiẽ ƒe tsoƒe tso aseye.

10 Eɖo ŋku anyigba dzi, eye nède tsu wòwu ko nɛ, tsi yɔ Mawu ƒe tɔʋu taŋ. Ena blii, eye ale nèwɔ anyigba lae enye si.

11 Ede tsi woƒe boliƒoivo, ègbã woƒe agble me nylglãwo hetsɔ tsidzadza bɔbɔwoe; èyra woƒe numiemiewo.

12 Etsɔ nu nyuiwo do atsyɔ̃ na ƒe la, eye wò afɔtoƒewo le ami dzim.

13 Lãnyiƒewo le gbegbe hã le ami tsyɔm, eye togbɛwo tsɔ aseyetsotso bla ali dzii.

14 Alẽwo yɔ lãnyiƒewo kpaŋ, eye bli do kpekpekpe ɖe baliwo me; wole aseye tsom le ha dzim.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan