Psalmowo 64 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dawid do gbe ɖa bena, Mawu nakpɔ ye ta le futɔ la ŋuti. 1 Dawid ƒe ha na henɔ la. 2 Mawu, se nye gbe le nye konyifafa me, eye nakpɔ nye agbe ta tso futɔ la ƒe ŋɔdzidodo me! 3 Ɣlam tso eme vɔ̃ɖiwo ƒe takpekpe kple ame vlowo ƒe howɔwɔ me! 4 Amesiwo nyre woƒe aɖe abe yi ene, eye wovu woƒe aŋutrɔ, si nye woƒe nya veve heliheli la me, 5 ne woaɖa ame maɖitɔ la le vivi me; zi ɖeka kasia wodae, eye dzika metso wo ƒo o. 6 Woɖe dzi ƒo na wo ɖokui ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu, eye woɖo be, yewoatre mɔ̃ ɖe vivime hele gbɔgblɔm be: Amekae le ekpɔ ge? 7 Woɖo nu vɔ̃ɖi ɖe ta me gblɔ be: Míewu tame nyui ɖoɖo ia nu vɔ! Ŋutsu ƒe dɔme kple eƒe dzime goglo. 8 Tete Mawu te wo kple da, eye woxɔ abi enumake. 9 Woawo ŋutɔ ƒe aɖe atsɔ wa aƒu anyi, eye amesiwo katã kpɔ wo la, woaʋuʋu ta. 10 Tete vɔvɔ̃ aɖo amewo katã, woaɖe gbe ƒã Mɔwu ƒe nuwɔwɔ, eye woadze si eƒe nuwɔwɔ. 11 Ame dzɔdzɔe ekpɔ dzidzɔ ɖe Mawu Yehowa ŋu, eye woasii atso; emesiwo katã ƒe dzi to mɔ ɖeka la, woaƒo adegbe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana