Psalmowo 63 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu yome didi ie eƒe kɔkɔeƒe. 1 Dawid ƒe ha, le esime wòle Yuda-gbedzi. 2 Mawu, Mawunye nènye, eye mele diwòm; tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe ŋuwò, eye nu te nye ŋutilã ŋu ɖe ŋuwò le kuɖiɖinyigba, si dzi ƒu kplakplakpla, eye tsia ɖeke meli o la dzi. 3 Ale metsa ŋu na wò le kɔkɔeƒe la, be makpɔ wò ŋusẽ kple wò ŋutikɔkɔe. 4 Elabena wò amenuveve nyo wu agbe; nye nuyiwo akafu wò. 5 Ekema makafu wò le nye agbe me katã, eye mawu nye asiwo dzi le wò ŋkɔ me. 6 Nye luʋɔ aɖi ƒo, abe alesi woɖua ami kple lãmi ene, eye nye nu atsɔ aseyetsonuyiwo akafu wò. 7 Ne medo ŋku dziwo le nye aba dzi, ne menya le zã, eye mebu ŋuwò le, 8 — elabena wòe nye nye kpeɖeŋutɔ, eye wò aʋala ƒe vɔvɔli te mele aseye tsom le — 9 ekema nye luʋɔ kuna ɖe ŋuwò; wò nuɖusi vaam goŋgoŋ. 10 Ke woawo, amesiwo le nye luʋɔ dim, be yewoɔgblẽe la, woayi keke anyigba te ʋi ke. 11 Woatsɔ wo ade yi nu, eye woazu aboyonu na amegãxiwo. 12 Ke fia la akpɔ dzidzɔ ɖe Mawu ŋu, eye amesiame, si ka atam le egbɔ la, aƒo adegbe; elabena woate nu ɖe nu me na aʋatsokalawo. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana