Psalmowo 62 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mɔkpɔkpɔ na Mawu. Amegbetɔ menye naneke o. 1 Dawid ƒe ha na henɔ Yedutun. 2 Nyateƒee, doɖoe zi le nye luʋɔ ŋu kpoo na Mawu, eya gbɔ nye xɔname tso. 3 Eya koe nye nye aga, nye xɔname kple nye mɔ̃ sesẽ, eyata nyemaʋã akpe o. 4 Zi nenie mi katã mialũ ɖe ame ɖeka dzi, be yewoaƒui anyi abe gli treazã kple gli gbagbã ene? 5 Vavã, woɖo ɖe tame be, yewoatutui tso eƒe kɔkɔƒe la; alakpadada sɔe na wo pɛ, woyra ame kple woƒe nu, ke fiƒoɖe le woƒe dzi me. Sela. 6 Nye luʋɔ, zi ɖoɖoe na Mawu kpoo ko, elabena eya gbɔ nye mɔkpɔkpɔ tso. 7 Eya koe nye nye aga, nye xɔname kple nye mɔ̃ sesẽ, eyata nyemaʋã o! 8 Nya xɔname, nye bubu kple nye ŋusẽ ƒe aga le Mawu gbɔ, eye Mawu me nye sitsoƒe le. 9 Mi dukɔ la, miɖo ŋu ɖe eŋu ɣeawokatãɣi, mitrɔ miaƒe dzi ƒo le eŋku me; Mawu enye míaƒe sitsoƒe! Sela. 10 Vavã, tofloko enye amegbetɔviwo, eye alakpa enye ameviwo; wole wodzoo le nudanu me, elabena wo katã la tofloko wonye. 11 Migaɖo ŋu ɖe sesẽnuwɔwɔ ŋu o, eye nuhaha megaflu mo na mi o! Ne kesinɔnu le dzidzim ɖe edzi la, miaƒe dzi megaku ɖe eŋu o! 12 Mawu ƒo nu zi ɖeka, eye nu eve mese le eme; Mawu tɔe nye ŋusẽ, 13 eye tɔwò, Aƒetɔ, enye amenuveve; elabena eɖoa eteƒe na amesiame le eƒe nuwɔwɔwo nu. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana