Psalmowo 61 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Fia, si wole fu ɖem na ƒe gbedodoɖa. 1 Dawid tɔ na kasaŋkuwo ƒe henɔ. 2 Mawu, se nye ɣli, eye nalé to ɖe nye gbedodoɖa ŋu! 3 Anyigba ƒe mlɔenu ke mele yɔwòm tsoe, esime nu te nye dzi ŋu; tsɔm ɖo agakpe, si kɔ nam akpa la dzi! 4 Elabena ènye sitsoƒe nam kple xɔ tsrala sesẽ le futɔ la ŋku me. 5 Medi be, mana wò agbadɔ me tegbee, eye mabe ɖe wò aʋala te. Sela. 6 Elabena wò Mawu èɖo to nye adzɔgbeɖeɖewo, eye nẽtsɔ domenyinu na amesiwo vɔ̃ wò ŋkɔ la. 7 Tsɔ ŋkekewo kpe fia la ƒe ŋkekewo, eye eƒe ƒewo netso dzidzime yi dzidzime! 8 Neɖu fia le Mawu ŋku me tegbee; ɖo amenuveve kple nyateƒe, ne woakpɔ eta! 9 Ekema madzi kafukafuha na wò ŋkɔ tegbee, eye maxe nye adzɔgbeɖefe gbesiagbe. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana