Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 60 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Le aʋaŋɔtiwo me.

1 Dawid ƒe ha ɖe futamee na henɔ la, ne woafia, eye woadzi ɖe „Dzogbenya ƒe ɖaseɖiɖi“ ƒe gbe nu;

2 le esime wòwɔ aʋa kple Aramtɔwo le Mesopotamia kple Aramtɔwo le Zoba, eye Yoab trɔ hewu Edomtɔ akpe wuieve le dzeʋe la me.

3 Mawu, ègbe mí, èkaka mí hlẽ èdo dɔmedzoe; gatrɔ mí gbɔe!

4 Eʋuʋu anyigba, eye nèfee; gatre eƒe fefeƒeawo, elabena ele ʋaʋãm!

5 Ena nu sesẽ kpe wò dukɔ la, eye néna wein mí míeno mu.

6 Ena aflaga amesiwo vɔ̃a wò, ne woafɔ wo ɖokui de tsitre le nyateƒe la ta. Sela.

7 Ne woaxɔ na wò ame lɔlɔ̃wo, tsɔ wò nuɖusi ɖe mi, eye naɖo to mi!

8 Mawu ƒo nu le eƒe kɔkɔeƒe la be: Makpɔ dzidzɔ, mamã Sixem, eye madzidze Sukot-hali me la.

9 Gilead enya tɔnye, eye tɔnyee nye Manase; Efrayim enye nye taxenu, eye Yuda enye nye fiatikplɔ;

10 nye tsileze enye Moab, mada nye atokota ɖe Edom dzi, eye matso aseye ɖe Filistitɔwo ŋu!

11 Amekae akplɔm ayi du sesẽ la mee, eye amekae akplɔm vaseɖe Edom?

12 Mawu, ɖe menye wòe gbe mi oa, Mawu, eye mèho kple míaƒe aʋakɔwo oa?

13 Kpe ɖe mía ŋu ɖe míaƒe ketɔwo ŋuti, elabena amegbetɔ ƒe xɔname mele ɖeke me o.

14 Mawue míatsɔ awɔ kalẽe, eye eya anyã avuzi le míaƒe ketɔwo dzi.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan