Psalmowo 58 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu ganye ʋɔnudrɔ̃la le anyigba dzi. 1 Megagblẽ nu o! Dawid ƒe ha ɖe futamee na henɔ la. 2 Mi ʋɔnudrɔ̃lawo, ɖe mietsoa afia ɖe nyateƒe mea? Ɖe míedrɔ̃a ʋɔnu amegbetɔwo, alesi dzea? 3 Nu tovo boŋ miewɔna le miaƒe dziwo me, eye miedaa miaƒe asiwo ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ le anyigba dzi. 4 Ame vɔ̃ɖiwo te ɖe aga tso ƒoɖo me ke eye amesiwo koa aʋatso la, tra mɔ tso ɖɔ me ke. 5 Aɖi te wo si abe ɖa ƒe aɖi ene, abe ƒli toku, si xe nu tome, 6 eye mesea dzom kple gbesala, si bi ɖe gbesasa me le ƒe gbe o la ene. 7 Mawu, ŋe aɖu le nu me na wo, Yehowa, ho tsyo na dzataviwo! 8 Wo nu ayi abe tsi sisi ene; eye ne eda eƒe aŋutrɔwo la, woanɔ abe ɖe wo nu tsi kpo ene. 9 Wole abe abɔbɔ, si le azɔli dzi le nyinyim ene, eye wodi nyɔnu ƒe fu gege, si mekpɔ ɣe kpɔ o. 10 Hafi aŋɔkadzo nabi ɖe miaƒe zewo ŋu la, aɖe wo ɖa le dɔmedzoe me, esime wogale mumu. 11 Ame dzɔdzɔe akpɔ dzidzɔ, elabena ele hlɔ̃biabia kpɔm, eye aklɔ eƒe afɔwo ɖe eme vɔ̃ɖi ƒe ʋu me. 12 Eye amewo agblɔ bena: E, kutsetse li na ame dzɔdzɔe; ẽ, Mawua ɖe li, amesi drɔ̃a ʋɔnu le anyigba dzi! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana