Psalmowo 56 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Kukudeɖe de akɔfafa le yometiti me ta. 1 Dawid ƒe ha ɖe futamee na henɔ la, ne woadzi ɖe „Ahɔ̃ne tsi nu maƒo le didiƒe“ ƒe gbe nu, nu le esime Filistitɔwo lée le Gat. 2 Mawu, ve nunye, elabena amegbetɔwo lɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe ŋunye, eye woxaxam ɖo le aʋa wɔm kplim ɣeawokatãɣi! 3 Nye ketɔwo lɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖaa; eye amesiwo tsɔ dada le aʋa wóm kplim la, sɔ gbɔ ŋutɔ. 4 Ne vɔvɔ̃ ɖom la, meɖoa ŋu ɖe ŋuwò. 5 Mawu ana be, makafu yeƒe nyia la; Mawu ŋu maɖo ŋu ɖo, nyemavɔ̃ o, nuka ŋutilã awɔm ma? 6 Wole nya trɔm nam gbesiagbe; eye woƒe susuwo katã nye be, woawo vɔ̃ ɖe ŋunye. 7 Wokpe ta, wode xa, eye wole ŋku ɖem ɖe nye afɔkpodzi, abe alesi wole nye luʋɔ yome dimee ene. 8 Ɖe woasi le woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ la ta? Mawu, xlã dukɔwo ɖe anyi le dɔmedzoe me! 9 Wòe xlẽ nye sisiƒewo, eɖe nye aɖatsiwo wò goe me! Ɖe mèŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me oa? 10 Ekema nye futɔwo agbugbɔ ɖe megbe le gbesigbe mayɔ wo. Menya esia be, Mawu le dzinye. 11 Mawu ana be, makafu nya la, Yehowa ana be, makafu nya la. 12 Mawu ŋu mele ŋu ɖom ɖo, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma? 13 Mawu, menyi adzɔgbeɖefe le asiwo, matsɔ akpeɖavɔsa axee na wò. 14 Elabena èɖe nye luʋɔ tso ku me, eye nèxɔ na nye afɔwo tso nukikli me, ne mazɔ le Mawu ŋku me le agbagbeawo ƒe kekeli me. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana