Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 55 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Gbedodoɖa le xɔlɔ̃ vɔ̃ɖi ta. Mawu me akɔfafa.

1 Dawid ƒe nufiameha na kasaŋkuwo ƒe henɔ.

2 Mawu, se nye gbedodoɖa, eye megaɣla dokuiwò ɖe nye kokoƒoƒo o!

3 Lé to ɖe ŋunye, eye natɔ nam; mele tsa glalã tsam le konyifafa me, eye mele hũ ɖem

4 le futɔ la ƒe gbe kple ame vɔ̃ɖi la ƒe ametete ɖe anyi ŋuti; elabena wolɔ gbegblẽ trɔ ɖe dzinye, eye wolé tum le dziku me.

5 Nye dzi le dablihɛ ƒom le nye dɔ me, eye ku ƒe ŋɔdzidonamewo dze dzinye.

6 Vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya lém, eye nye lãme ble tu.

7 Mebe: Ao, ɖe wonye aʋalae le asinye abe ahɔ̃ne ene la, anye ne madzo aɖatsi afia ɖe!

8 Kpɔ da, didiƒe ʋi mebe, masi ayi, eye matsi gbedzi adɔ. Sela.

9 Mawɔ kaba asi le ya ʋuduʋudu kple ahom nu.

10 Tsrɔ̃ wo, Aƒetɔ, eye nate woƒe aɖe me ɖe eve, elabena mekpɔ ŋutasesẽ kple dzrewɔwɔ le dua me.

11 Woɖe to ɖee te woƒe gliwo dzi zã kple keli, eye gbegblẽ kple hiãkame le eme.

12 Gbegblẽ le eme, eye ŋutasesẽ kple amebaba mete ɖa le eƒe abla me o.

13 Ɖe wonye nye futɔe le vlo domem la, anye ne mado dzi atsɔe; ɖe wònye nye ketɔe le asi tɔm akɔ ɖe ŋunye la, anye ne mesi abe le enu.

14 Ke boŋ amegbetɔ, si mía kplii míele tasɔsɔ ɖeka me lae, xɔ̃nye kple nye ame nyanyɛ,

15 mí amesiwo dome nya viviwo le, eye míenɔa amehawo dome yia mawuƒe me lae.

16 Saɖagatsi nedze wodzi, woayi tsiẽ agbagbe, elabena vɔɖinyenye le wo nɔƒe, le woƒe dzi me.

17 Ke nyea meyɔ Mawu, eye Yehowa xɔ nam.

18 Mefa konyi, eye meɖe hũ le fiẽ, ŋdi kple ŋdɔ, eye wòɖo to nye gbe.

19 Eɖe nye luʋɔ tso amesiwo le tetem ɖe ŋunye la si me, eye wòna ŋunye fe; elabena amesiwo tso ɖe ŋunye la, sɔ gbɔ ŋutɔ.

20 Mawu asee, eye wòabɔbɔ wo ɖe anyi, eya, amesi te fiazikpui dzi tso blema ke, Sela, wo, amesiwo tametɔtrɔa ɖeke meli na wo o, eye womevɔ̃a Mawu o.

21 Edo asi ɖa ɖe amesiwo le ŋutifafa me kplii la ŋuti, eye wògblẽ kɔ ɖo na eƒe nubabla.

22 Eƒe nu me nya zrɔ̃ drẽdrẽdrẽ abe notsi kpekẽ ene; aʋawɔwɔ le eƒe dzi me, eƒe nuƒoƒowo le bɔlɔbɔlɔ abe ami ene, ke yi, si wodi, wonye.

23 Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔtawò; emana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.

24 Ke wò, Mawu, ãtsɔ wo aƒu gbegblẽ fe ɖo la me, ŋutsu hlɔ̃mewo kple alakpatɔwo manɔ woƒe agbe ƒe afã o; ke nyea mele ŋu ɖom ɖe ŋuwò!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan