Psalmowo 51 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dawid fe dzimetɔtrɔ gbedodoɖa. 1 Dawid ƒe ha na henɔ la, 2 esime wode Batseba gbɔ, eye nyagblɔɖila Natan va egbɔ. 3 Mawu, ve nunye le wò dɔmenyo la nu, eye le wò nublanui-kpɔkpɔ sɔgbɔ la nu tutu nye dzidadawo ɖa! 4 Le tsi nam keŋkeŋ tso nye vodada me, eye naklɔ ŋunye tso nye nuvɔ̃ me! 5 Elabena nye dzidadawo la, medze si wo, eye nye nuvɔ̃ le ŋkunye me daa? 6 Wò ɖeka ɖeɖe ko ŋuti mewɔ nuvɔ̃ ɖo, eye nusi nye vɔ̃ le ŋkuwò me la, mewɔ, ne tɔwò nadzɔ le wò nuƒoƒo me, eye ŋuwò nadza le wò ʋɔnudɔdrɔ̃ me. 7 Kpɔ ɖa, voɖaɖa me wodzim ɖo, eye nuvɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo! 8 Kpɔ ɖa, nyateƒe, si le dzi me la, nèdina, eyata ɖe nunya fiam le adzame! 9 Tsɔ akutsa klɔ nye nuvɔ̃ ɖa, ne ŋunye naɖi; le tsi nam, ne matu tititi wu ɖetifu! 10 Na mase dzidzɔ kple aseyetsotso, ne nye ƒu, siwo nèŋe la, nagli kple dzidzɔ! 11 Ɣla wò mo ɖe nuvɔ̃nyewo, eye tutu nye vodadawo katã ɖa! 12 Mawu, wɔ dzi dzadzɛa ɖe nam, eye nade gbɔgbɔ yeye, si li ke la, menye! 13 Megatsɔm ƒu gbe le ŋkuwò me o, eye megaxɔ wò gbɔgbɔ kɔkɔe la le asinye o! 14 Gatsɔ wò xɔname do dzidzɔ nam, eye natsɔ gbɔgbɔ, si me lɔlɔ̃nu le le, lém ɖe asi! 15 Mafia wò mɔ dzidalawo, eye nuvɔwɔlawo atrɔ tame ɖe ŋuwò. 16 Mawu, nye xɔname ƒe Mawu, ɖem tso hlɔ̃fe me, ekema nye aɖe atso aseye le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti! 17 Aƒetɔ, ke nye nuyiwo, eye nye nu aɖe gbe ƒa wò kafukafu! 18 Elabena mèdia akpedavɔsa o, anye ne mana wò; numevɔsa hã medzea ŋuwò o! 19 Vɔsewo na Mawu wonye gbɔgbɔ, si wote de anyi; Mawu, màdo vlo dzi gbagbã, si tugu la o. 20 Le wò amenuveve la nu wɔ nyui na Zion; ɖo Yerusalem ƒe gliwo! 21 Ekema dzɔdzɔenyenye-vɔsawo, numevɔsa kple vɔsa blibo adze ŋuwò; ekema woatsɔ nyitsuwo asa vɔe le wò vɔsamlekpui la dzi. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana