Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 50 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Akpedanumeme vavãtɔ.

1 Asaf ƒe ha. Mawu, Yehowa, ŋusẽkatãtɔ la le nu ƒom, eye wòle xexeame yɔm tso ɣe ƒe dzedze me vaseɖe eƒe loɖoɖo me.

2 Zion, si nye nyonyowo ƒe ta la, Mawu klẽ tso.

3 Mía Mawu gbɔna, ɖoɖoe mazi le eŋu o, dzo le nu bim le eŋgɔ, eye ahom sesẽ ɖe to ɖee.

4 Ele dzi me yɔ dziƒo kple anyigba ɖa, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ.

5 Miƒo nye mawumeme, siwo bla nu kplim ɖe akpedavɔsa dzi la, nu ƒu nam!

6 Dziƒowo ɖe gbe ƒã eƒe dzɔdzɔenyenye, elabena Mawu enye ʋɔnudrɔ̃la.

7 Nye dukɔ, see, mele nu ƒo ge; Israel, maɖi ɖase na wò be: Mawu, wò Mawu, menye!

8 Menye wò akpedavɔsa ta mele nya hem ɖe ŋuwò ɖo o, eye wò numevɔsa le ŋkunye me ɖaa.

9 Nyemalé nyitsu le aƒewò me alo gbɔ̃tsu le wò lãkpɔ me o.

10 Elabena tɔnyee nye avemelãwo katã kple lã akpe nane, siwo le towo dzi.

11 Menya xevi, siwo katã le towo dzi, eye nusiwo katã ʋãa wo ɖokui le gbe me la, mele manyamanya ɖem o.

12 Ɖe nye dɔe le wuyem la, ne nyematoe na wò o, elabena tɔnyee nye xexeame godoo kple eme nu gbogboawo.

13 Alo ɖe meɖua nyitsuwo ƒe lã, eye menoa gbɔ̃tsuwo ƒe ʋua?

14 Tsɔ akpedada sa vɔ na Mawu, eye naxe wò adzɔgbeɖefe na dziƒoʋitɔ la!

15 Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!

16 Ke Mawu gblɔ na ame vɔ̃ɖi be: Nye ɖoɖowo xexlẽfia kae tsa gbɔwò? Eye nukaŋuti nèlé nye nubabla ɖe nu?

17 Wòa èlé tu hehe, eye nètsɔ nye nyawo ƒu gbe ɖe megbewò tso!

18 Ne èkpɔ hafi la, ekema èkplɔe ɖo, eye nèɖea ha kple ahasitɔwo.

19 Eɖe ga wò nu ɖe nu vɔ̃ɖi ŋu, eye wò aɖe ɖa alakpa.

20 Ebɔbɔ nɔ anyi le nu ƒom le nɔviwò ŋu, eye nèle aɖeɖi ƒom dawòvi.

21 Nusiawo wɔm nèle, eye mezi kpi; eyata nèle bubum be, ɖe mele abe wò ene. Maka mo na wò, eye matsɔe aɖo ŋkuwò me!

22 Mi, amesiwo ŋlɔ Mawu be, midze si esia dzro, ne nyemagavuvu nu, eye ɖelaa ɖeke manɔ anyi o!

23 Amesi tso akpedada sa vɔe la, ede bubu ŋunye; eye amesi lé ŋku ɖe eƒe zɔzɔme ŋu la, mana wòakpɔ Mawu ƒe xɔname!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan