Psalmowo 5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dawid ƒe ŋdi gbedodoɖa le dziɖoɖo ɖe Mawu ŋu me, eye wòbia kpekpeɖeŋu tso Mawu gbɔ le eƒe futɔwo ŋuti. 1 Dawiɖ ƒe ha na dzekulawo ƒe henɔ. 2 Yehowa, nye nyawo nede tome na wò, se nye hũɖeɖe, 3 eye nalé to de nye ɣlidodo ŋu, fianye kple Mawunye, elabena wòe mele gbe dom ɖa na. 4 Yehowa, se gbenye le ŋdi, medzra ɖo ɖe ŋuwò le ŋdi hele asiwo nu kpɔm. 5 Elabena Mawu, si nu tovo wɔwɔ medzea eŋu o la, nènye, nu vɔ̃ɖi wɔla menɔa gbɔwò o. 6 Adegbeƒolawo menɔa te ɖe ŋkuwò me o; èléa fu nu vlo wɔlawo katã. 7 Etsrɔ̃a aʋatsokalawo; Yehowa tsria hlɔ̃me kple alakpatɔ. 8 Ke nyea mage ɖe aƒewò me le wò amenuveve geɖe la nu, eye mavɔ̃ wò ahade ta agu ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe ta nu. 9 Yehowa, kplɔm le wò dzɔdzɔenyenye la nu le nye ketɔwo ta; ta wò mɔ ɖe ŋgɔnye! 10 Elabena nya vavãa ɖeke mele woƒe nu me o, gbegblẽ le woƒe dzi me, woƒe veme enye yɔdo nuvo, eye wovivia nu me kple woƒe aɖe. 11 Mawu, bu fɔ wo! Woƒe adaŋudedewo netsɔ wo ƒu anyi, tu asi wo ƒu anyi le woƒe dzidada gbogboawo ta, elabena wodze aglã ɖe ŋuwò! 12 Amesiwo katã ɖoa ŋu ɖe ŋuwò la, nakpɔ dzidzɔ, woatso aseye tegbee, elabena èkpɔ wo ta; amesiwo katã lɔ̃ wò ŋkɔ la, nado ɖe ŋuwò hoo! 13 Yehowa, wòe yraa ame dzɔdzɔe, eye netsɔã amenuveve ƒoa xlãe abe akpoxɔnu ene. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana