Psalmowo 49 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawumavɔ̃lawo ƒe dzɔgbenyuie nuwuwu enye ku. 1 Korax-viwo ƒe ha na henɔ la. 2 Mi dukɔwo katã, mise esia, mi xexeametɔwo katã, miƒu to anyi, 3 mi hahooawo kple amegãviwo, mi kesinɔtɔwo kple ame dahewo siaa! 4 Nye nu agblɔ nunya, eye gɔmesese enye nye dzimesusuwo. 5 Maƒu to anyi ɖe abebubu ŋu, eye mato nye adzo ɖe saŋkuƒoƒo ŋu. 6 Nukaŋuti mavɔ̃ le dzɔgbevɔ̃eɣiwo me, ne nye adikãtɔwo ƒe vodada ɖe to ɖem? 7 Amesiwo le dzi ɖom ɖe woƒe nuwo ŋu, eye wotsɔ woƒe kesinɔnu gbogboawo le adegbe ƒomi. 8 Amea ɖeke mate ŋu axɔ nɔvia akpɔ o, eye mate ŋu axe etafe na Mawu, 9 — elabena woƒe agbe ƒeƒle xɔ asi ŋutɔ, eye aɖo kpoe tegbee, — 10 be wòanɔ agbe ayi dzi, eye makpɔ yɔdo o. 11 Kpao, ke boŋ akpɔe be, nunyalawo kuna, bometsilawo kple abunetɔwo nu yina, eye wogblẽa woƒe nuwo ɖi na ame bubuwo. 12 Wole tame enye be, yewoƒe xɔwo anɔ anyi tegbetegbe, yewoƒe nɔƒewo anɔ anyi na dzidzimewo katã, eye woyɔa woƒe ŋkɔwo ɖe anyigbawo ŋu. 13 Ke amegbetɔ, si le agbe le atsyɔ̃ɖoɖo me la, mali ke o; esɔ kple lã, eye nuƒoƒo abu ɖee. 14 Esia nye amesiwo ɖoa ŋu ɖe wo ɖokui ŋu la, ƒe zɔzɔme, eye woƒe nya dzea wo yometɔwo ŋu. Sela. 15 Woyi tsiẽƒe abe alẽwo ene, eye ku nye wo kplɔla; ame dzɔdzɔewo nyã avuzi le wo dzi le ŋdi, eye woƒe nɔnɔme nyunyɔ, elabena tsiẽƒe zu woƒe nɔƒe. 16 Ke Mawu ade nye luʋɔ atso tsiẽƒe si me, elabena axɔm de eɖokui gbɔ. Sela. 17 Ne amea ɖe zu kesinɔtɔ, eye eƒe aƒe ƒe bubu dzi ɖe dzi la, megava o! 18 Elabena ne eku la, matsɔ nusiawo katã dometɔa ɖeke aɖo asi o, eye eƒe bubu makplɔe ɖo o. 19 Nenye be, eyra eɖokui le eƒe agbenɔɣi, eye wokafui be, ewɔ nyuie na eɖokui hã la, 20 ayi fofoawo ƒe ƒome, si megakpɔ kekeli kpɔ o la gbɔ. 21 Amegbetɔ, si le agbe le atsyɔ̃ɖoɖo me, eye tagbɔ mele esi o la, esɔ kple lã, eye nuƒoƒo abu ɖee! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana