Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 48 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Fia gã la ƒe du.

1 Korax-viwo ƒe ha.

2 Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu le mía Mawu ƒe du la me kple eƒe to kɔkɔe la dzi.

3 Zion-to, si nye fia gã la ƒe nu, kɔ eɖokui ɖe dzi nyuie le anyiehe kekeake, eye wònye dzidzɔdonu na anyigba blibo la.

4 Mawu fia eɖokui le eƒe fiasãwo me abe sitsoƒe ene.

5 Elabena kpɔ ɖa, fiawo ƒo ƒu, eye wa katã wova ɖe eŋuti.

6 Esi wokpɔe la, woƒe nu ku, dzidzi ƒo wo, eye wosi.

7 Wodzo nyanyanya le afima, eye ŋɔdzi lé wo abe nyɔnu, si le ku lém ene.

8 Etsɔ ɣedzeƒeya gbã Tarsis-ʋuwo.

9 Míekpɔe le Yehowa Zebaot ƒe ɖu kple mía Mawu ƒe du la me, abe alesi míesee ene. Mawu ali kee tegbee. Sela.

10 Mawu, míele ŋku dom wò amenuveve dzi le wò gbedoxɔ titina.

11 Mawu, wò kafukafu de anyigba ƒe mlɔenu abe wò ŋkɔ ke ene. Wò nuɖusi yɔ fũ kple dzɔdzɔenyenye.

12 Zion-to nekpɔ dzidzɔ, eye Yuda-nyɔnuviwo netso aseye le wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ta!

13 Mizɔ Zion ŋu godoo, miƒo xlãe va kpe, eye mixlẽ eƒe xɔ tsralawo!

14 Milé ŋku de eƒe agbogbowo ŋu, eye mito eƒe fiasãwo me, ne miaxlẽe afia megbeviwo!

15 Elabena Mawu siae nye mía Mawu ɖaa tegbee, eye akplɔ mí vaseɖe ku me.

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan