Psalmowo 47 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawu enye fia. 1 Korax viwo ƒe ha na henɔ la. 2 Mi dukɔwo katã, miƒu akpe, eye mitsɔ aƒadodo tso aseye ɖe Mawu ŋu! 3 Elabena ŋɔdzi le Yehowa dziƒoʋitɔ la ŋu, fia gã wonye ɖe anyigba blibo la dzi. 4 Etsɔ dukɔwo ɖe mía te kple sesẽ, eye wòɖe anyigbadzitɔwo míaƒe afɔ te. 5 Etia míaƒe domenyinu na mí, si nye Yakob, amesi wòlɔ̃na la, ƒe adegbeƒonu. Sela. 6 Mawu yi dzi kple aseyetsotso, Yehowa kple kpẽ ƒe ɖiɖi. 7 Midzi kafukafuha na Mawu, midzi kafukafuha hee! Midzi kafukafuha na mía fia la, midzi kafukafuha! 8 Elabena Mawue nye fia ɖe anyigba blibo la dzi, midzi nufiameha! 9 Mawu ɖu fia ɖe dukɔwo dzi, Mawu bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui kɔkɔe la dzi. 10 Dukɔwo ƒe ame ŋkutawo ƒo ƒu, wonye Abraham ƒe Mawu la ƒe dukɔ; elabena Mawu tɔ enye anyigba ƒe akpoxɔnuwo. Eɖo kpo ŋutɔ. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana