Psalmowo 44 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Konyifafa le alesi Mawu nyã eƒe dukɔ la ɖa ta. 1 Korax-viwo ƒe nufiameha na henɔ la. 2 Mawu, míesee kple míaƒe to, mía fofowo ɖa xo na mí, le nusiwo nèwɔ le wo ŋɔli le blema la ŋuti. 3 Etsɔ wò asi nyã dukɔwo, ke woawo la èƒo woƒe aganu ɖe to; ègblẽ anyigbadzitɔwo, ke èna woawo keke la. 4 Elabena menye woawo ŋutɔ ƒe yi wotsɔ xɔ anyigba lae o, eye menye woawo ŋutɔ ƒe alɔe xɔ na wo o; ke boŋ wò nuɖusi kple wò alɔ kpakple wò ŋku me ƒe kekelie, elabena woƒe nu nyo ŋuwò. 5 Mawu, nye fia nènye, ɖo xɔnume ɖe Yakob! 6 Wòe míatsɔ aƒu míaƒe futɔwo anyii, eye wò ŋkɔ míatsɔ anyã avuzi le míaƒe ketɔwo dzii. 7 Elabena nyemele ŋu ɖom ɖe nye dati ŋu o, eye menye yie axɔ num o; 8 ke boŋ wòe xɔ mí tso míaƒe futɔwo si me, eye nèna ŋukpe lé míaƒe ketɔwo. 9 Míetsɔ Mawu le adegbe ƒomi ɖaa, eye míekafu wò ŋkɔ tegbee. Sela. 10 Ke ètsɔ mí ƒu gbe, ède ŋukpe mo na mí, eye mèho yi kple míaƒe aʋakɔwo o. 11 Ena míede megbe le míaƒe futɔwo nu, eye míaƒe ketɔwo ha nu. 12 Etsɔ mí na, ne woaɖu abe alẽwo ene, eye nèkaka mí ɖe dukɔwo dome. 13 Etsɔ wò dukɔ dzra ho kpɔtsɔe, eye medo asi loloe ɖe wo ŋu o. 14 Etsɔ mí wɔ vlodonu na míaƒe aƒelikawo kple alɔmeɖenu kpakple nu ɖikokoea na amesiwo ƒo xlã mi. 15 Etsɔ mí wɔ hameloe le dukɔwo dome kple ame, ne woɔʋuʋu ta ɖe eŋua le anyigbɔdzitɔwo dome. 16 Nye vlododo le ŋkunye me ŋkekeawo katã, eye ŋukpe, si le ŋunye le, nyẽ tsyɔm, 17 be manɔ vlodoamela kple fewuɖula ŋkɔ sem, eye manɔ futɔ kple hlɔ̃biala kpɔm kple ŋku. 18 Nusiawo katã va mía dzi, ke míeŋlɔ wò be o, eye míezu alakpatɔwo le wò nubabla la me o. 19 Míaƒe dzi mefe ɖa o, eye míaƒe afɔɖede mete ɖa le wò mɔ dzi o. 20 Elabena èto mí nyanyanya le amegãxiwo nɔƒe, eye nètsɔ blukɔ tsiɖitsiɖi tsyɔ mía dzi. 21 Ɖe wònye ɖe míeŋlɔ mía Mawu ƒe ŋkɔ be, eye míeke míaƒe asiwo na mawu tutɔwo la, 22 enye ne mía Mawu madi egɔme oa? Elabena enya dzi me gogloeaƒe ke. 23 Elabena tawò wole mía wum atraɖi ɖaa, eye wobua mí abe alẽ, siwo wu ge woala la ene. 24 Nyɔ, Aƒetɔ! Nukaŋuti nèle alɔ̃ dɔm? Fɔ, eye megatsɔ mí ƒu gbe ɖika o! 25 Nukaŋuti nèɣla wò ŋku me, eye nèŋlɔ míaƒe hiã kple míaƒe xaxa be? 26 Elabena míaƒe luʋɔ bɔbɔ vaseɖe ke me ke, eye míaƒe ƒodo lé ɖe anyigba ŋu. 27 Tso, naxɔ na mi, eye naɖe mí le wò amenuveve la ta! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana