Psalmowo 43 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dziyiyi Mawu ta biabiase le dzroawo de. 1 Tso afia nam, Mawu, eye nawɔ nye dzre kple dukɔ malɔ̃ame la nam; ɖem tso alakpatɔ kple ame vlo la si me! 2 Elabena wòe nye nye Mawu, amesi nye nye sitsoƒe; nukaŋuti nètu asim ɖa, eye nukaŋuti maƒo ɖi anɔ yiyim le futɔ la ƒe teteɖanyi te? 3 Ɖo wò kekeli kple wò nyateƒe ɖa, ne woakplɔm ayi wò to kɔkɔe la kple wò nɔƒe la gbɔe, 4 ne maɖe Mawu ƒe vɔsamlekpui la kple nye dzidzɔseye ƒe Mawu la gbɔ, eye matsɔ saŋku akafu wò, Mawu, nye Mawu la! 5 Nye luʋɔ, nukaŋuti nèle nu xam, eye nètsi dzodzodzoe le menye? Kpɔ mɔ na Mawu, elabena magakafui eya, amesi nye nye xɔnametɔ kple nye Mawu la! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana