Psalmowo 42 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913AGBALẼ EVELIA. Mawu ta biabiase le dzroawo de. 1 Korax-viwo ƒe nufiameha na henɔ la. 2 Alesi zinɔ ƒe veme ƒuna ɖe tɔʋu ŋu la, nenema nye luʋɔ ƒe veme ƒu ɖe ŋuwò, Mawu! 3 Tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe Mawu ŋu, ɖe Mawu gbagbe la ŋu; gbekagbe made ahado ɖe Mawu ŋku me? 4 Nye aɖatsiwo zu nuɖuɖu nam zã kple keli, esi wole gbɔgblɔm nam edziedzi be: Afika gɔ̃ wò Mawu la le? 5 Ne meɖo ŋu, alesi menɔa amehawo dome, eye mía kpli wo míeyia Mawu ƒe aƒe la me kple aseyetsotso kple kafukafuhadzidzi le ŋkekenyuieɖulawo ƒe ha me la, nye dzi lólona gbanaa. 6 Nye luʋɔ, nukaŋuti nèle nu xam, eye nètsi dzodzodzoe le menye? Kpɔ mɔ na Mawu, elabena magakafui, eya, amesi nye nye xɔnametɔ kple nye Mawu la! 7 Mawunye! Nye luʋɔ le nu xam le menye, eyata mele ŋku ɖom dziwò le Yordan-nyigba, Hermon-to kple to sue la dzi. 8 Le wò tsiwo ƒe kɔkɔɖanyi bababa me la tɔɖɔɖɔ yɔ tɔɖɔɖɔ; wò tsi kpakawo kple tsitsotsoewo ŋe ɖe dzinye. 9 Ŋkeke me la Yehowa ɖɔ eƒe amenuveve ɖa, le zã me la eƒe ha le nunye, eye medo gbe ɖa na nye agbe ƒe Mawu la. 10 Magblɔ na Mawu, nye agakpe, be: Nukaŋuti nèŋlɔm be, eye nukaŋuti maƒo ɖi anɔ yiyim le nye futɔ ƒe teteɖanyi te? 11 Ne nye ketɔwo le alɔme ɖem le gbɔgblɔm nam edziedzi be: Afika gɔ̃ wò Mawu le hã la, enɔna abe ŋɔ ɖunue le nye ƒuwo me ene. 12 Nye luʋɔ, nukaŋuti nèle nu xam, eye nètsi dzodzodzoe le menye? Kpɔ mɔ na Mawu, elabena magakafui, eya, amesi nye nye xɔnametɔ kple nye Mawu la! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana