Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Konyifafa le futɔ vɔ̃ɖi kple xɔlɔ̃ anukwaremaɖila ŋuti.

1 Dawid ƒe ha na henɔ la.

2 Woayra amesi léa fɔ ɖe hiãtɔ ŋu! Yehowa aɖee le dzɔgbevɔ̃eɣi.

3 Yehowa akpɔ eta, eye wòaxɔe ɖe agbe, ne woanyo nɛ le anyigba dzi; matsɔe ade asi na eƒe futɔwo ƒe adãwɔwɔ o!

4 Yehowa akpe ɖe eŋu le dɔba dzi; ne ele dɔ lém la, atrɔ eƒe aha dzi nɔnɔ bubui.

5 Nyea mele gbɔgblɔm be: Yehowa, ve nunye, da gbe le nye luʋɔ ŋu, elabena mewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò!

6 Nye futɔwo le nu vɔ̃ ƒom ɖe ŋunye be: Ɣekaɣi ga wòaku, eye eƒe ŋkɔ nabu?

7 Eye ne amea ɖe va kpɔ ye ge ɖa la, edaa alakpa; eƒe dzi ƒoa nu vɔ̃ɖi nu ƒu, eye wòdona ɖagblɔnɛ.

8 Nye futɔwo katã le nu dem tenye, eye wole nusi nye nye dzɔgbevɔ̃e la susum ɖe ŋunye be:

9 Wolɔ gbegblẽ trɔ ɖe edzi, emlɔ anyi, eye magafɔ akpɔ o!

10 Xɔ̃nye kekeake, amesi ŋu meɖoa ŋu ɖo, eye wòɖua nye abolo la, kɔ afɔkpodzi dzi ɖe ŋunye.

11 Ke wò Yehowa, ve nunye, eye nafɔm ɖe te, ekema maɖo eteƒe na wò!

12 Esia me menyae le be, nye nu nyea ŋuwò, ne nye futɔ magatso aseye ɖe ŋunye o.

13 Ke èlé nyea ɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ta, eye nètsɔm ɖo ŋkuwò me tegbee.

14 Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me! Nenɔ alea, ẽ, nenɔ alea!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan