Biblia Todo Logo
Bìoball air-loidhne

- Sanasan -

Psalmowo 40 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913


Akpedanumeme nyuitɔ na Mawu. Kukuɖeɖe de kpekpeɖeŋu ta.

1 Dawid ƒe ha na henɔ la.

2 Mele mɔ kpɔm na Yehowa kakaka, eziɔ to ɖe ŋunye, eye wòsa nye ɣlidodo.

3 Ehem tso gbegblẽ ƒe do la me, eye wòɖem le ba finyafinya me, etsɔ nye afɔ ɖo agakpe dzi, eye wòli ke nye afɔɖeɖewo,

4 ede ha yeye nunye kple kafukafuha na mía Mawu la. Ame geɖewo akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖo wo, eye woaɖo dzi ɖe Yehowa ŋu.

5 Woayra ŋutsu, si tsɔ eƒe ŋuɖoɖo ɖo Yehowa dzi, eye metrɔ eɖokui ɖe ɖadzraɖalawo kple amesiwo ku ɖe aʋatsokaka ŋu la, ŋuti o.

6 Yehowa, nye Mawu, wò nukunu kple wò tamesusu, siwo nèɖe fia ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ. Naneke mede nuwò o! Mebe, matsɔ wo aɖe gbe ƒãe, eye maƒo nu le wo ŋu, ke womele xexlẽ me o.

7 Akpedavɔsa kple numevɔsa medzea ŋuwò o; eʋu to nam; mèdia numevɔsa kple nuvɔ̃vɔsa o.

8 Tete megblɔ bena: Kpɔ ɖa, megbɔna, agbalẽ me woŋlɔ nya ɖo le ŋunye.

9 Nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔ enye nye dzidzɔ, eye wò se la le nye dzi me.

10 Meɖe gbe ƒã wò dzɔdzɔenyenye le ameha gãwo me; kpɔ ɖa, nyememia nu o, Yehowa, ènyae.

11 Nyemeɣla wò dzɔdzɔenyenye ɖe nye dzi me o; mekɔ nu le wò nuteƒewɔwɔ kple wò xɔname dzi, eye nyemeɣla wò amenuveve kple wò nyateƒe de ameha gãwo o.

12 Ke wò, Yehowa, mate wo nublanuikpɔkpɔ da le gbɔnye o; wò amenuveve kple wò nyateƒe akpɔ tanye ɖaa.

13 Elabena fukpekpewo ɖe to ɖem taŋtaŋ, nye vodadawo lém, womele kpɔkpɔ me nam o; wosa gbɔ wu nye taɖa; eye nye dzi gblẽm ɖi.

14 Yehowa, nedze ŋuwò naɖem; Yehowa, netsɔ naxɔ nam!

15 Ŋu nekpe amesiwo le nye agbe dim, be yewoaɖe ɖa la, eye wo katã ƒe mo netsi dã, amesiwo le nye dzɔgbevɔ̃e dim la, nete gbugbɔ ɖe megbe, eye ŋukpe nelé wo!

16 Dzidzi neƒo amesiwo le gbɔgblɔm ɖe ŋunye be: Ehɛ̃, ehɛ̃! la, le woƒe ŋukpe la ta!

17 Amesiwo katã dia wò la, ƒe dzeme nekɔ, eye woakpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò! Amesiwo dia wò xɔname la, nenɔ gbɔgblɔm ɖaa be: Yehowa lolo!

18 Ke nyea, nenye be, hiã tum, eye meɖo ko hã, Aƒetɔ la alé be nam. Nye kpeɖeŋutɔ kple xɔnamele nẽnye; nye Mawu, megahe ɖe megbe o!

 Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

Bible Society of Ghana
Lean sinn:



Sanasan