Psalmowo 4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dawid ƒe fiẽ gbedodoɖa kple dzideƒo le xɔse me ɖe futɔwo ŋu Mawu do ŋukpe xɔlɔ̃awo le vɔvɔ̃ ta. 1 Dawid ƒe ha na kasaŋkutɔwo ƒe henɔ. 2 Ne meyɔ wò la, tɔ nam, nye dzɔdzɔenyenye ƒe Mawu, wò amesi na alɔmeɖeƒem le xaxa me; ve nunye, eye nase nye gbedodoɖa! 3 Mi ŋutsu ƒe viwo, zi nenie miaɖi gbɔ nye bubu, yakanu nanɔ mía ŋu nyom, eye míanɔ aʋatso yome dim? Sela. 4 Ke mínyae be, Yehowa tia mawumeme na eɖokui! Yehowa senɛ, ne meyɔe. 5 Dzi neku mi, ke migawɔ nuvɔ̃ o! Miƒo nu le dzi me le míaƒe abawo dzi, eye mizi ɖoɖoe! Sela. 6 Misa dzɔdzɔenyenyevɔ, eye miɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu! 7 Ame geɖewo le gbɔgblɔm be: Ameka ana míakpɔ nu nyui kple ŋku? Oo, Yehowa, na wò ŋku me kekeli naklẽ ɖe mía dzi! 8 Ede dzidzɔ nye dzi me wu wo le ɣeyiɣi, si me bli kple wein bɔ ɖe wo si. 9 Mamlɔ anyi le ŋutifafa me adɔ alɔ̃ enumake: elabena wò, Yehowa ɖeɖeko ana manɔ dedie. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana