Psalmowo 38 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Dawid la konyi le fukpekpe gãa ɖe te, eye wobia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu. 1 Dawid ƒe ha na ŋkuɖodzi. 2 Yehowa, megaka mo nam le wò dɔmedzoe me o, eye megahe to nam le wò dziku me o! 3 Elabena wò aŋutrɔwo ɖo agu ɖe menye, eye wò asi te ɖe dzinye. 4 Agbagbeƒea ɖeke mele nye lãme o le wò dɔmedzoe la ta; ŋutilafaa ɖeke mele nye ƒuwo me o le nye nuvɔ̃ ta. 5 Elabena nye vodadawo gbɔ tanye, eye wole kpeyem ŋutɔ abe agba kpekpe ene. 6 Nye abiwo le ʋeʋẽm le tsi kplɔm yoo le nye bometsitsi ta. 7 Mexa gobaa, eye mebi ŋutɔ, meƒo ɖi le yiyim ŋkekeawo katã. 8 Elabena nye alime ʋu dzo hẽ, eye agbagbeƒea ɖeke mele nye lãme o. 9 Megbɔdzɔ, eye nye lãme gbã gudugudu, mele ɣli dom wu alesi dzata ɖea gbee. 10 Aƒetɔ, ŋkuwò me nye didiwo katã le, eye nye hũɖeɖewo meɣla ɖe wò o. 11 Nye dzi le totrom, nye ŋusẽ gblẽm ɖi, eye nye ŋkuwo ƒe kekeli hã megale gbɔnye o. 12 Nye ame lɔlɔ̃wo kple xɔ̃nyewo ƒo asa nam le nye fuwɔame la ta, eye nye ƒometɔwo tsi tre ɖe adzɔge. 13 Amesiwo le nye agbe yome dim la, tre mɔ̃ nam, amesiwo le nye dzɔgbevɔ̃e dim la, le nu ƒom le gbegblẽ ŋu, eye wole alakpadada ŋu bum ŋkekeawo katã. 14 Mele abe tokunɔ ene, nyemesea nu o, eye mele abe aɖetututɔ, si mekea eƒe nu o la ene. 15 Mele abe ŋutsu, si mesea nu o, eye nyakpenyaa ɖeke mele eƒe nu me o la ene. 16 Elabena wò Yehowa, sinu kpɔm mele, àtɔ nam, Aƒetɔ, nye Mawu! 17 Elabena mele gbɔgblɔm be, womegakpɔ dzidzɔ ɖe ŋunye o; eye esi ke ɖe le nye afɔ te la, wole adegbe ƒom ɖe ŋunye. 18 Nye anyidzedze gbɔ megɔdidi o, eye nye vevesesewo le ŋkunye me ɖaa. 19 Elabena meɖe nye vodadawo fia, eye metsi dzi le nye nuvɔ̃wo ta. 20 Ke nye futɔwo le agbe, eye ŋusẽ le wo ŋu; amesiwo lé fum yakatsyɔ la, sɔ gbɔ. 21 Amesiwo tsɔ vɔ̃ ɖo nyuie teƒe nam la, lém ɖe ke me, le esi meti nyuie yome ta. 22 Yehowa, megagblẽm ɖi o, nye Mawu, meganɔ adzɔge tso gbɔnye o! 23 Aƒetɔ, nye xɔname, netsɔ nakpe ɖe ŋunye! |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana