Psalmowo 37 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913Mawumavɔ̃lawo ƒe dzɔgbenyuie nagaɖia nu na wò o. 1 Dawid tɔ. Ɖzi megaku wò le nu vlo wɔlawo ŋu o, eye megaʋã ŋu ɖe amesiwo wɔ nu tovo la ŋu o! 2 Elabena woasi wo xoxoxo abe gbe ene, eye woayrɔ abe aŋgba ene. 3 Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nawɔ nyuie! Nɔ anyigba dzi, eye naɖi anukware! 4 Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò, eye wòana nusi wò dzi di la wò. 5 Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa dzi, eye naɖo ŋu ɖe eŋu, ekema awɔe ade goe. 6 Ahe wò dzɔdzɔenyenye ɖe go abe kekeli ene, kple wò nya dzɔdzɔe ɖe go abe ŋɖɔkutsu ene. 7 Zi kpi na Yehowa kpoo, eye nakpɔ esinu! Dzi megaku wò ɖe amesi ƒe mɔwo dzea dzi nɛ, kple ŋutsu, si nye ayetɔ la ŋu o! 8 Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nadzudzɔ dzikudodo; dzi megaku wò o, elabena nu vɔ̃ɖi ko nayi wɔwɔ ge! 9 Elabena woatsrɔ̃ ame vlowo, ke amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa la, woanyi anyigba la dome. 10 Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eleƒe la, màgakpɔe o. 11 Ke eme ɖihiãwo enyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti. 12 Ame vɔ̃ɖi ɖoa vɔ̃ ɖe ame dzɔdzɔe la ŋu, eye wòɖua aɖukli ɖe eŋu. 13 Aƒetɔ la le ekom, elabena ekpɔ be, eƒe ŋkeke li gbɔna. 14 Ame vɔ̃ɖiwo di yi, eye wova woƒe da me, ne woaxlã hiãtɔwo kple ame dahewo ɖe anyi, eye woawu amesiwo ƒe zɔzɔme to mɔ ɖeka la. 15 Ke woƒe yi aƒo ɖe woawo ŋutɔ ƒe dzi, eye woƒe da aŋe. 16 Nu ʋee, si le ame dzɔdzɔewo si la, nyo wu ame vɔ̃ɖi geɖewo ƒe nu gbogboawo. 17 Elabena ame vɔ̃ɖiwo ƒe alɔ aŋe, ke Yehowa léa ame dzɔdzɔewo ɖe le. 18 Elabena Yehowa nya ame maɖifɔwo ƒe ŋkeke, eye woƒe domenyinu anɔ anyi tegbee. 19 Ŋu makpa wo le ŋkeke vɔ̃wo dzi o, eye woaɖi ƒo le dɔŋɔli. 20 Elabena ame vɔ̃ɖiwo atsrɔ̃, eye Yehowa ƒe ketɔwo nu ayi abe lãnyiƒe ƒe atsyɔ̃ɖoɖo ene; wo nu ayi abe dzudzɔ ene. 21 Ame vɔ̃ɖi la doa nugbana, eye mexenɛ o; ke ame dzɔdzɔe la vea ame nu, eye wonae nu ame. 22 Elabena amesiwo wòyra la, woanyi anyigba la dome, ke woatsrɔ̃ amesiwo wòƒo fi de la. 23 Yehowa lia ke ŋutsu ƒe afɔɖeɖe, nenye be, eƒe mɔwo dze eŋu. 24 Ne edze anyi la, made baba ɖe anyi o, elabena Yehowa léa eƒe asi ɖe te. 25 Meno ɖevime tsã, eye azɔ metsi, ke nyemekpɔ be, wogblẽ eme dzɔdzɔe ɖi, eye viawo ɖo abologbe kpɔ o. 26 Evea ame nu ɣesiaɣi, eye wòdoa nugbana, eye viawo zua yayra. 27 Tsri vɔ̃, eye nawɔ nyui, ekema ànɔ anyi tegbee. 28 Elabena Yehowa laa nya dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe mawumemewo ɖi o; akpɔ wo ta tegbee, ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe viwo. 29 Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee. 30 Nunya le ame dzɔdzɔe la nu, eye eƒe aɖe gblɔa nya dzɔdzɔe. 31 Eƒe Mawu ƒe se la le eƒe dzi me, eye eƒe afɔɖeɖe meʋãna o. 32 Ame vɔ̃ɖi la ɖe xa di na ame dzɔdzɔe la, eye wòdi be, yeawui. 33 Ke Yehowa megblẽe ɖe esi me o, eye ne wodrɔ̃ ʋɔnui la, mebua fɔe o. 34 Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nalé ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu, ekema ado wò ɖe dzi, ne nanyi anyigba la dome, eye ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe. 35 Mekpɔ ame vɔ̃ɖia ɖe le ɖadzra ɖam, eye wòvu eɖokui ɖranyi abe ati dodo, si vu ke la ene. 36 Mete eŋu yi, eye kpɔ ɖa, megali o; medii, eye nyemekpɔe o. 37 Lé ŋku ɖe eme maɖifɔ la ŋu, eye nakpɔ ame dzɔdzɔe la ɖa, elabena dzidzimeviwo le ŋutifafame la si. 38 Woatsrɔ̃ dzidalawo katã, eye woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzidzimeviwo. 39 Ke dzɔdzɔewo ƒe xɔname tso Yehowa gbɔ, eya nye sitsoƒe na wo le hiãɣi me. 40 Yehowa dea wo dzi, eye wòɖea wo, eɖea wo tso ame vɔ̃ɖiwo si me, eye wòxɔna na wo, elabena wosinɛ tsona. |
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.
Bible Society of Ghana